INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 5/1 axa 4-7
  • Ðe Ame Aɖe Ate Ŋu Anya Etsɔmea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ame Aɖe Ate Ŋu Anya Etsɔmea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ÐE MAWU ƑE NYAWO VAA EME PƐPƐPƐA?
  • MAWU ƑE NYAGBLƆÐIWO KPAKPLE AMEGBETƆWO ƑE ETSƆMEGBƆGBLƆÐI
  • WÒ ETSƆME
  • Ame Kae Ate Ŋu Anya Etsɔme?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Kores Gãtɔ
    Nyɔ!—2013
  • Yehowa—“Mawu Dzɔdzɔetɔ Kple Ðela”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 5/1 axa 4-7
Vidada si le kpekpem ɖe vianyɔnuvi ŋu be wòawɔ sukudɔdeasi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ðe Ame Aɖe Ate Ŋu Anya Etsɔmea?

Mí katã míedina be míanya etsɔme. Míedina be míanya ale si agbea ava nɔ na míawo ŋutɔwo kple míaƒe ame veviwo. Eya ta míebiaa nya siawo tɔgbi mía ɖokuiwo: ‘Ðe xexea me ava nyo na vinyewo le etsɔmea? Ðe anyigbaa ava tsrɔ̃ le afɔku dziŋɔ aɖe mea? Ðe nane li mate ŋu awɔ fifia be etsɔme nanyo nama?’ Le dzɔdzɔme nu la, míetsia dzi ɖe nya siawo ŋu; míedina be míase nya siwo ana míaƒe dzi nadze eme, nya siwo ana kakaɖedzi mí, esiwo ana míaƒe agbe nanɔ ɖoɖo nu, eye míaƒe susu nadze akɔ anyi. Ne ɖe nàte ŋu anya ale si tututu etsɔme ava nɔ la, ke àte ŋu adzra ɖo ɖe eŋu eye ànɔ ŋudzɔ hã.

Eya ta aleke wò etsɔme anɔ? Ðe ame aɖe ate ŋu anyaea? Nunyalawo dze agbagba be yewoagblɔ etsɔme ɖi; ɖewo va eme, gake geɖewo hã do kpo nu. Ke hã Ŋɔŋlɔawo na míenya be Mawu tea ŋu gblɔa etsɔme ɖi wòvaa eme pɛpɛpɛ. Eƒe Nya la gblɔ be: “Nye ame si ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.” (Yesaya 46:10) Ðe nya siwo wògblɔ ɖi la va eme pɛpɛpɛa?

ÐE MAWU ƑE NYAWO VAA EME PƐPƐPƐA?

Nu ka tae wòle be nàtsɔ ɖe le ale si nya siwo Mawu gblɔ ɖi le blema la va emee la me? Ne yame ƒe nɔnɔme gblɔɖila aɖe ƒe nyawo vaa eme pɛpɛpɛ gbe sia gbe eye wòwɔ esia ɣeyiɣi didi aɖe la, esia awɔ dɔ ɖe dziwò godoo. Eya ta ne egblɔ ale si yame ƒe nɔnɔme anɔ le ŋufɔke la, anɔ eme be àxɔe ase. Le mɔ ma ke nu la, ne èse nu tso ale si Mawu ƒe nyagblɔɖiwo vaa emee pɛpɛpɛ ɣesiaɣi ŋu la, àdi godoo be yeanya nya si wògblɔ tso wò etsɔme ŋu.

Niniwe, dugã si ɖi aƒedo la, ƒe gli si woɖɔ ɖo

Blema Niniwe ƒe glikpowo ƒe akpa si woɖɔ ɖo

DUGÃ AÐE ƑE TSƆTSRƆ̃:

Le kpɔɖeŋu me, awɔ nuku ŋutɔ be woagblɔ nya ɖi tso dugã sesẽ aɖe si kpɔ ŋusẽ ɖe du bubuwo dzi ƒe alafa geɖe la ŋu be enu ayi kpuie.Nu sia tututue Mawu wɔ. Eto eƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka dzi gblɔe ɖi be Niniwe azu aƒedo. (Zefaniya 2:13-15) Nya kae ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ tso nya sia ŋu? Le ƒe alafa adrelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me, si anɔ abe ƒe 15 ene megbe tso esime Mawu gblɔ nya sia ɖi la, Babilontɔwo kple Mediatɔwo va dze Niniwe dzi eye woxɔe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu gblɔe ɖi tẽe be Niniwe azu “gbegbe, eye wòaƒu kplakplakpla abe tagba ene.” Ðe nyagblɔɖi sia va eme pɛpɛpɛa? Ɛ̃, eva eme. Togbɔ be dugã la kple eƒe gbɔtoduwo ƒe lolome ade kilometa 518 togodoo hã la, dua dzi dzelawo megblẽ dua ɖi hewɔ eŋu dɔ abe ale si amewo akpɔ mɔe ene o. Ke boŋ wotsrɔ̃e. Ðe ŋutete le dunyahehe ŋuti numekula aɖe si be wòagblɔ nya ɖi wòava eme pɛpɛpɛ nenema?

WOATƆ DZO AMEƑUWO:

Ame kae atee kpɔ be yeayɔ ŋutsu aɖe si woava dzi la ƒe ŋkɔ kple ƒome si me wòadzɔ tso, eye wòagblɔe ɖi hã be ava tɔ dzo ameƒuwo le vɔsamlekpui aɖe dzi, eye wòayɔ du si me vɔsamlekpuia anɔ hã ŋkɔ ƒe 300 sɔŋ do ŋgɔ? Ne nyagblɔɖi wɔnuku sia gbegbe va eme la, ke ɖikeke mele eme o be ame si gblɔ nya sia ɖi la ƒe ŋkɔ ade du ŋutɔ. Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔe ɖi be: “Wole ŋutsuvi aɖe dzi ge na Dawid ƒe aƒe la, si ŋkɔ anye Yosiya . . . , eye [atɔ] dzo ameƒuwo” le vɔsamlekpui dzi le du si ŋkɔe nye Betel la me. (1 Fiawo 13:1, 2) Anɔ abe ƒe alafa etɔ̃ ene megbe la, fia aɖe si ŋkɔe nye Yosiya, evɔ ŋkɔ ma mebɔ le Biblia me o la, do tso David ƒe ƒomea me. Abe ale si wogblɔe ɖi tututu ene la, Yosiya “dɔ woyi ɖalɔ ƒuwo le yɔdoawo me vɛ, eye wotɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi” le Betel. (2 Fiawo 23:14-16) Ðe ame aɖe ate ŋu agblɔ nya siawo ɖi tsitotsito wòava eme pɛpɛpɛ ne menye ame aɖe si kɔ wu amegbetɔwo lae ɖee fiae oa?

Kores ƒe aʋakɔa le gegem ɖe Babilon dua me to agbo siwo le ʋuʋu ɖi la nu abe ale si nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi ene

Biblia me nyagblɔɖilawo gblɔ Babilon ƒe anyidzedze ɖi eye wòva eme pɛpɛpɛ

FIAÐUƑE AÐE ƑE ANYIDZEDZE:

Awɔ nuku ŋutɔ be ame aɖe nayɔ ŋutsu aɖe si woava dzi le ƒe gbogbo aɖewo megbe la ƒe ŋkɔ do ŋgɔ, eye wòagblɔ ale si wòaxɔ ŋgɔ woamu xexemefiaɖuƒe sesẽ aɖe aƒu anyi, eye wòagblɔ dudzidzedze ƒe mɔnu si mebɔ o, si ŋu dɔ wòawɔ la hã ɖi wòava eme pɛpɛpɛ. Mawu gblɔe ɖi be ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kores la anɔ ŋgɔ na asrafowo woaxɔ dukɔ aɖe. Kores sia ana ablɔɖe Yudatɔ aboyomewo hã, eye wòado alɔ wo woagbugbɔ atu woƒe gbedoxɔ kɔkɔe la. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu gblɔ aʋawɔmɔnu si Kores azã la ɖi, si nye be ana tɔsisiwo namie eye wògblɔ hã be agbowo anɔ ʋuʋu ɖi, si awɔe be wòaɖu aʋa dzi bɔbɔe. (Yesaya 44:27–45:2) Ðe nya siwo katã Mawu gblɔ ɖi tsitotsito la va eme pɛpɛpɛa? Ŋutinyaŋlɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be alea tututue Kores ɖu aʋa dzii. Kores ƒe asrafowo wɔ aɖaŋu deŋgɔ ŋu dɔ esi wotrɔ mɔ na Babilon ƒe tsimɔawo dometɔ ɖeka, si wɔe be tɔsisiwo mie. Gawu la, asrafoawo ge ɖe dugã la me esime agboawo nɔ ʋuʋu ɖi. Esia megbe la, Kores na ablɔɖe Yudatɔwo eye wògblɔ na wo be woagbugbɔ atu woƒe gbedoxɔa le Yerusalem. Esia wɔ nuku ŋutɔ, elabena Kores mesubɔa Yudatɔwo ƒe Mawu la o. (Ezra 1:1-3) To vovo na Mawu ɖe, amegbetɔ kae ate ŋu agblɔ nudzɔdzɔ mawo ɖi wòava eme pɛpɛpɛ nenema?

Míeƒo nu tso kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo ɖee fia be Mawu gblɔ etsɔmenudzɔdzɔwo ɖi eye wova eme pɛpɛpɛ la ŋu. Kpɔɖeŋu bubu geɖewo gali. Yudatɔwo ƒe kplɔla Yosua gblɔ nyateƒenya aɖe si le nyanya na eƒe nyaselawo nyuie la be: “Miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.” (Yosua 23:1, 2, 14) Yosua ƒe amewo kpɔe dze sii kɔtɛ be Mawu ƒe ŋugbedodowo kple nyagblɔɖiwo va eme. Gake aleke Mawu wɔa esiae? Vovototo gã aɖewo le Mawu ƒe mɔwo kple amegbetɔwo tɔ dome. Ele vevie be nànya esia, elabena Mawu gblɔ nya vevi aɖewo ɖi ku ɖe etsɔ si gbɔna kpuie la ŋu, siwo ka wò vevie.

MAWU ƑE NYAGBLƆÐIWO KPAKPLE AMEGBETƆWO ƑE ETSƆMEGBƆGBLƆÐI

Zi geɖe la, amegbetɔwo toa dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekukuwo, ŋkuléle ɖe nu siwo dzɔ va yi kple ale si nuwo le edzi yimee ŋu, alo nu si gbɔgbɔyɔlawo gblɔna be yewokpɔ la dzi gblɔa etsɔme ɖi. Ne amegbetɔwo gblɔ etsɔme ɖi la, ɖeko wodea asi asitɛ me henɔa lalam be yewoakpɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖa.​—Lododowo 27:1.

Gake to vovo na amegbetɔwo la, Mawu ya nya nuwo katã. Enya nu tso amegbetɔwo ƒe wɔwɔme kple woƒe didiwo ŋu nyuie; eya ta ne Mawu lɔ̃ la, ate ŋu agblɔ ale si ame ɖekaɖekawo kple dukɔ blibowo ava wɔ nui la ɖi do ŋgɔ. Gake Mawu agate ŋu awɔ geɖe wu ema. Ate ŋu atrɔ asi le nɔnɔmeawo kple nudzɔdzɔwo ŋu atsɔ akpɔ egbɔ be nuwo dzɔ abe ale si wòdii ene. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Nye nya, si do tso nye nu me la . . . magbugbɔ ava gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ . . . nu si gbe meɖoe ɖo la hafi.” (Yesaya 55:11) Eya ta ɣeaɖewoɣi la, nu si Mawu di be yeawɔ le etsɔme la koe wònana míenyana to eƒe nyagblɔɖiwo dzi. Eye ekpɔa egbɔ be yeƒe nyagblɔɖiwo va eme godoo.

WÒ ETSƆME

Ðe wogblɔ wò ŋutɔ kple wò ame veviwo ƒe etsɔme ɖia? Ne ɖe nàte ŋu anya do ŋgɔ be ahom atu la, àɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta godoo. Nenema kee wòle be nàwɔ nui le Biblia me nyagblɔɖiwo hã gome. Mawu gblɔe ɖi be tɔtrɔ gãwo ava xexea me katã kpuie. (Kpɔ aɖaka si nye “Nya Si Mawu Gblɔ Tso Etsɔ Si Gbɔna Ŋu.”) Etsɔme sia to vovo sãsãsã na nya si ame siwo woyɔna be etsɔmegblɔɖila bibiwo gblɔna ɖi.

Ðewohĩ àte ŋu abu eŋu ale: Ameƒomea ƒe ŋutinya bliboa menye nya ɣaɣla o. Biblia ƒo nu tso eŋu, eye míate ŋu anya ale si wòava wu enui. Mawu gblɔ be: “[Meɖe] nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke. . . . Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.” (Yesaya 46:10) Etsɔme nyui aɖe ate ŋu asu mia kple wò ƒomea si. Bia Yehowa Ðasefowo woagblɔ nu siwo Biblia gblɔ be wogbɔna dzɔdzɔ ge kpuie la na wò. Menye vivimenukpɔlawoe Ðasefowo nye o; womegblɔ hã be yewoxɔa gbedeasiwo tso gbɔgbɔwo gbɔ o, eye etsɔme gbɔgblɔ ɖi ƒe ŋutete tɔxɛwo hã mele wo si o. Wonye Biblia srɔ̃la siwo ate ŋu aƒo nu tso nu nyui siwo Mawu le dzadzram ɖo ɖi na wò le etsɔme la ŋu na wò.

Biblia me nyagblɔɖiwo me dzodzro nana míenyaa nu vevi aɖe tso Mawu ƒe amenyenye ŋu. Ena míenya be Mawu ɖea nu si wòɖo be yeawɔ la gblɔna do ŋgɔ, eye esia nye kpeɖodzi be menye ame si metsɔa ɖeke le eme na mí o. Ke boŋ etsɔ ɖe le ale si etsɔme ava nɔ na mí la me vevie. Le nyateƒe me la, edi be míanɔ agbe ahase vivi na etsɔme wɔnuku si le ŋgɔ gbɔna.

Nya Si Mawu Gblɔ Tso Etsɔ Si Gbɔna Ŋu

Asi siwo tso dziƒo le mɔ fiam amegbetɔ toɖolawo be woato mɔ si akplɔ wo ayi etsɔme nyui aɖe me le anyigba dzeani aɖe dzi
  • To vovo na ame siwo gblɔna be anyigbaa gbɔna tsɔtsrɔ̃ ge la, Mawu ya ka ɖe edzi na mí be Anyigba la matsrɔ̃ gbeɖe o.​—Psalmo 104:5; Nyagblɔla 1:4.

  • Amegbetɔwo ayi edzi anɔ anyigba la gblẽm gake Mawu ava de nu nyaa me ahaɖo asi wo dzi.​—Psalmo 92:8; Nyaɖeɖefia 11:18.

  • Mawu nya be subɔsubɔha akpa gãtɔ gblɔa alakpanyawo le ye ŋu eye woŋea aɖaba ƒua Biblia me nyawo dzi, eya ta ava tsrɔ̃ wo ɖa.​—Nyaɖeɖefia 18:4-9.

  • Mawu ƒe dziƒodziɖuɖua ye atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo kple ame maɖotowo, ke menye amegbetɔwo alo ŋusẽ bubu aɖekee awɔ esia o. “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo.”​—Psalmo 37:10, 38; Daniel 2:44.

  • Mawu akpɔ ame ɖe sia ɖe si ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo la ta, eye eme anyo na wo le anyigba si woadzra ɖo nyuie la dzi. “Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ la ŋu, eye nàkpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si.”​—Psalmo 37:11, 37; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

  • Dɔmenyotɔe la, Mawu gblɔ ale si nàwɔ be wòakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò kple ale si nàwɔ “asi le nu siawo katã, siwo le eme va ge la nu” la eme kɔ nyuie le Biblia me.​—Luka 21:36; Yohanes 17:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe