INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 5/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ame Kae Le Xexea Dzi Ðum?
    Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
  • Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea Gbegbe?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 5/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ame ka tututue le xexe sia dzi ɖum?

Foto si me aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple afɔkuwo dze le

Ne Mawue le xexe sia dzi ɖum la, ɖe míanɔ fu kpem alea gbegbea?

Ame geɖe xɔe se be Mawu vavã lae le xexe sia dzi ɖum. Ne nya sia nye nyateƒe la, ɖe fukpekpe axɔ aƒe ɖe anyigba dzi alea gbegbea? (5 Mose 32:4, 5) Biblia na míenya be ame vɔ̃ɖi aɖee le ŋusẽ kpɔm ɖe xexe sia dzi.​—Xlẽ 1 Yohanes 5:19.

Aleke wòdzɔe be ame vɔ̃ɖi aɖee va kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi? Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, mawudɔla aɖe dze aglã ɖe Mawu ŋu eye wòble atsu kple asi gbãtɔa hã nu be woadze aglã. (1 Mose 3:1-6) Wotiae be yewoaɖo to Satana, mawudɔla dzeaglã ma. Aleae wòdzɔe be wòva zu wo dzi ɖula. Gake Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖeɖe koe dze aɖu xexea dzi, ke hã edi be amegbetɔwo natia yeƒe dziɖuɖu le esi wolɔ̃ ye ta. (5 Mose 6:6; 30:16, 19) Nublanuitɔe la, woble ame akpa gãtɔ wowɔ tiatia gbegblẽ si atsu kple asi gbãtɔa wɔ.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9.

Ame kae akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ?

Ðe Mawu aɖe mɔ ɖe Satana ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖia ŋu ɖaa? Ao! Mawu ato Yesu dzi aɖɔ nu siwo katã Satana gblẽ la ɖo.​—Xlẽ 1 Yohanes 3:8.

Mawu ana ŋusẽ Yesu be wòatsrɔ̃ Satana. (Romatɔwo 16:20) Emegbe Mawu aɖu ameƒomea dzi eye wòaɖɔ nu sia nu ɖo ale be ameƒomea nanɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me abe ale si wòɖoe le gɔmedzedzea me ene.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3-5.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 3 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe