INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-33 axa 1-4
  • Ame Kae Le Xexea Dzi Ðum?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Le Xexea Dzi Ðum?
  • Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnuvi aɖe le ŋugble dem le ale si nu miemiewo tsinae ŋu Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
    Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
    Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La
  • Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
    Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
  • Trakt si nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
    Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
Kpɔ Bubuwo
Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
T-33 axa 1-4

Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?

Ðe nàgblɔ be . . .

  • Mawu yea?

  • Satana yea?

  • ame bubu aɖe yea?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.”—1 Yohanes 5:19.

“Woɖe Mawu ƒe Vi la ɖe go . . . be, wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.”—1 Yohanes 3:8, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

VI KAE ESIA AÐE NA WÒ?

Ana nàse nu si tae kuxiwo bɔ ɖe xexea me ɖo la gɔme nyuie.—Nyaɖeɖefia 12:12.

Kakaɖedzi anɔ asiwò be Mawu ava ɖɔ nuwo ɖo.—1 Yohanes 2:17.

Satana le ŋusẽ kpɔm ɖe dunyahelawo, asrafowo, subɔsubɔhawo, kple amewo ƒe agbenɔnɔ dzi le xexea me

ÐE MÍATE ŊU AKA ÐE NYA SI BIBLIA GBLƆ DZIA?

Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi, le susu etɔ̃ ya teti ta:

  • Satana ƒe dziɖuɖu nu ayi. Yehowa ɖoe kplikpaa be yeaɖe Satana ɖa bene wòagakpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi azɔ o. Edo ŋugbe be ‘yeaxɔ ŋusẽ le Satana Abosam si’ eye yeaɖɔ nu siwo katã wògblẽ la ɖo.—Hebritɔwo 2:14, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

  • Mawu tia Yesu Kristo be wòaɖu xexea dzi. Yesu menye ŋutasẽla alo ɖokuitɔdila abe ame si le xexea dzi ɖum fifia ene o. Mawu do ŋugbe be ne Yesu le dzi ɖum la, “ase veve ɖe ame tsɛwo kple ame dahewo nu . . . Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:13, 14.

  • Mawu mekaa aʋatso o. Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: ‘Mawu mate ŋu aka aʋatso o.’ (Hebritɔwo 6:18) Ne Yehowa nya do ŋugbe aɖe ko la, kakaɖedzi li be awɔ ɖe edzi godoo! (Yesaya 55:10, 11) ‘Aɖe xexe sia dzi ɖula ɖa.’—Yohanes 12:31.

BU NYA SIA ŊU KPƆ

Ƒome kpɔdzidzɔ aɖe le modzaka ɖem le xexe dzidzɔtɔe

Aleke xexea me anɔ ne woɖe ame si le edzi ɖum fifia la ɖa?

Biblia ɖo nya sia ŋu le PSALMO 37:10, 11 kple NYAÐEÐEFIA 21:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe