INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 7/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 7/1 axa 16
Amegãɖeɖi aɖe le gbe dom ɖa

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa?

Yehowa Mawu di be míaɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ na ye faa, eye edi be míanɔ ewɔm edziedzi. (Luka 18:1-7) Eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo, elabena etsɔ ɖe le eme na mí. Esi wònye be mía Fofo si le dziƒo la le mía kpem lɔlɔ̃tɔe be míado gbe ɖa na ye ta la, ɖe manyo ŋutɔ be míanɔ gbe dom ɖa nɛ oa?​—Xlẽ Filipitɔwo 4:6.

Menye mɔ si dzi míato abia kpekpeɖeŋu koe gbedodoɖa nye o. Ke boŋ ekpena ɖe mía ŋu míetena ɖe Mawu ŋu. (Psalmo 8:4, 5) Ne míegblɔa míaƒe dzimenyawo na Mawu edziedzi la, mía kplii dome va nɔa kplikplikpli.​—Xlẽ Yakobo 4:8.

Aleke wòle be míado gbe ɖae?

Mawu medi be míanɔ nya gã nya gãwo gblɔm ne míele gbe dom ɖa alo alé gbedodoɖawo ɖe susu me agbugbɔ anɔ gbɔgblɔm o. Medi tso mía si hã be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me hafi ado gbe ɖa o. Yehowa le dzi dem ƒo na mí be míado gbe ɖa tso dzi me. (Mateo 6:7) Le kpɔɖeŋu me, le blema Israel la, Xana do gbe ɖa tso ƒomekuxi aɖe si zu nuxaxa nɛ la ŋu. Emegbe esi eƒe nuxaxaa trɔ zu dzidzɔ la, edo gbe ɖa tso dzi me tsɔ da akpe na Mawu.​—Xlẽ 1 Samuel 1:10, 12, 13, 26, 27; 2:1.

Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi gbedodoɖa nye! Míate ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo na mía Wɔla la. Míate ŋu akafui ahada akpe nɛ hã ɖe nu siwo wòwɔna la ta. Mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖe ŋutɔe gbedodoɖa nye, si ŋu dɔ wòle be míawɔ.​—Xlẽ Psalmo 145:14-16.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?,ƒe ta 17 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le  www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe