INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 10/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vi kae Mawu Fiaɖuƒea aɖe na amewo?
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nu Kae Nye Mawu Ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 10/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava?

Yesu Kristo le sɔ dzi yina Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo dzi ɖu ge le aʋa me

Àdi be yeanya nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea kple nu siwo wòava wɔ la ŋua?

Dziɖuɖu si le dziƒoe Mawu Fiaɖuƒea nye. Nu si tae Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woado gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea navae nye be Fiaɖuƒea ahe dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ava anyigbaa dzi. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu aɖe ŋutasesẽ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ alo dɔléle ɖa o, gake Mawu Fiaɖuƒea ya ate ŋui eye ele ewɔ ge hã. Mawu tia Via, Yesu, be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia. Yehowa tia Yesu yomedzela aɖewo hã be woaɖu fia kple Yesu le Fiaɖuƒea me.​—Xlẽ Luka 11:2; 22:28-30.

Eteƒe madidi o, Mawu Fiaɖuƒea aɖe ame siwo katã tsia tsitre ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu la ɖa. Eya ta ne míele gbe dom ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava la, efia be míele biabiam be Mawu ƒe dziɖuɖua nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe.​—Xlẽ Daniel 7:13, 14; Nyaɖeɖefia 11:15, 18.

Vi kae Mawu Fiaɖuƒea aɖe na amewo?

Yesue nye Fia si sɔ nyuie, elabena esea veve ɖe ame nu. Esi wònye Mawu ƒe Vi ta la, ŋusẽ le esi hã be wòakpe ɖe ame siwo katã le ɣli dom be Mawu nakpe ɖe yewo ŋu la ŋu.​—Xlẽ Psalmo 72:8, 12-14.

Mawu Fiaɖuƒea aɖe vi na anukwaretɔ siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm hele gbe dom ɖa be eƒe Fiaɖuƒea nava. Ne èsrɔ̃ nu si Biblia fia tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la, aɖe vi na wò godoo.​—Xlẽ Luka 18:16, 17; Yohanes 4:23.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe