INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 3/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu ka tae wòle be míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi?
  • Ame kawoe dze aɖu abolo la ahano wain la?
  • Aleke Wòle Be Míaɖo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzii?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nu Si Tae Míeɖua Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua—Aleke Woaɖui?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 3/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu ka tae wòle be míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi?

Amewo le vivi sem na agbea hele dzidzɔ kpɔm le paradiso me le anyigba dzi

Yayra kawoe yesu ƒe kua ahe vɛ le etsɔme?—Yesaya 25:8; 33:24

Yesu ƒe kua ye nye nudzɔdzɔ vevitɔ le ŋutinya me—nu si tae nye be, ɖe wòku be yeana amegbetɔwo ƒe agbe naganɔ abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Esi wowɔ amegbetɔwo la, nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe didi menɔ wo me o, eye womewɔ wo hã be woadze dɔ alo woaku o. (1 Mose 1:31) Ke hã, ame gbãtɔ, Adam, ye na nu vɔ̃ va xexea me. Gake Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe be yeaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me.—Xlẽ Mateo 20:28; Romatɔwo 6:23.

Mawu lɔ̃ mí ale gbegbe be wòdɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòava ku ɖe mía ta. (1 Yohanes 4:9, 10) Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woanɔ wɔna bɔbɔe aɖe si me woazã abolo kple wain le la wɔm atsɔ anɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi. Ne míewɔnɛ alea ƒe sia ƒe la, míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si gbegbe Mawu kple Yesu siaa lɔ̃ míi la ŋu.—Xlẽ Luka 22:19, 20.

Ame kawoe dze aɖu abolo la ahano wain la?

Esime Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi la, eƒo nu tso nubabla aɖe hã ŋu. (Mateo 26:26-28) Nubabla sia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo kple eyomedzela bubu aɖewo be woava zu fiawo kple nunɔlawo akpe ɖe Yesu ŋu le dziƒo. Togbɔ be ame miliɔn geɖe ye dea Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodziwɔnaa teƒe hã la, ame siwo le nubabla ma me koe ɖua aboloa henoa wain la.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 5:10.

Ƒe 2,000 kloe ye nye esia Yehowa le ame siwo ava zu fiawo la tiam. (Luka 12:32) Ame siawo ƒe xexlẽme le sue ne wotsɔ wo sɔ kple ame siwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:4, 9, 17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe