INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 3/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nu Ka Tae Yesu Kpe Fu Heku?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Nyabiase Evelia: Nu Kae Adzɔ Ðe Dzinye Ne Meku?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yesu Ƒe Ku Kple Eƒe Tsitretsitsi La—Vi Siwo Woate Ŋu Aɖe Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 3/1 axa 16
Amewo le ƒuta le dzidzɔ kpɔm kple ɖevi siwo le tsi ƒum le paradiso me

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Vi kae Yesu ƒe kua ɖe na mí?

Esi Mawu wɔ amegbetɔwo la, eɖoe be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, eye womadze dɔ alo aku gbeɖe o. Gake ame gbãtɔ Adam meɖo to Wɔla la o, si wɔe be agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa to eŋu. Esi míenye Adam ƒe dzidzimeviwo ta la, míenyi ku ƒe dome tso egbɔ. (Romatɔwo 5:8, 12; 6:23) Yehowa, si nye Mawu vavã la, dɔ Via Yesu ɖe anyigba dzi be wòava ku ahato esia dzi ana agbe mavɔ si Adam bu la nagasu mía si.​—Xlẽ Yohanes 3:16.

Yesu ku ale be míate ŋu anɔ agbe tegbee. Aleke nèsusu be agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi anɔ?

To Yesu ƒe kua dzi la, woate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí eye míanɔ agbe tegbee. Biblia na míekpɔ ale si agbea ava nɔ le anyigba dzi esime amegãkuku, dɔléle kple ku maganɔ anyi o.​—Xlẽ Yesaya 25:8; 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

Aleke wòle be míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi?

Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ na eyomedzelawo be woanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi, eye wòfia wɔna kpokploe aɖe si dzi woato awɔ esia la wo. Ŋkuɖoɖo Yesu ƒe kua dzi alea ƒe sia ƒe kpena ɖe mía ŋu míedea ŋugble le ale si gbegbe Yesu kple Yehowa lɔ̃ ameƒomeae la ŋu.​—Xlẽ Luka 22:19, 20; 1 Yohanes 4:9, 10.

Le ƒe sia me la, Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia dze Dzoɖa, April 14 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàva wɔna sia teƒe le afi si te ɖe ŋuwò.​—Xlẽ Romatɔwo 1:11, 12.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 4 kple 5 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe