INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 6/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mifia Mia Viwo Ale Si Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 2 Lia
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 6/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Aleke nàwɔ anye dzila nyui?

Vifofo aɖe kple viaŋutsuvi wole ŋku lém ɖe gbetaɖu ŋu

Ðe nèfiaa nu viwòwo be woalɔ̃ Mawua?

Aƒe si me dzilawo lɔ̃a wo nɔewo hedea bubu wo nɔewo ŋu le la nyea dedienɔƒe si ɖeviwo tsina le nyuie. (Kolosetɔwo 3:14, 19) Dzila nyuiwo lɔ̃a wo viwo eye wokafua wo, abe ale si ko Yehowa Mawu kafu Via ene.—Xlẽ Mateo 3:17.

Mía Fofo si le dziƒo la ɖoa to esubɔlawo ne wole nu ƒom nɛ eye wòsea woƒe seselelãmewo gɔme na wo. Anyo be dzilawo nasrɔ̃ eyama eye woaɖo to wo viwo ne wole nu ƒom na wo. (Yakobo 1:19) Ne ɖeviawo ɖe woƒe seselelãmewo gblɔ la, ele be woase egɔme na wo, nenye be womegblɔe nyuie o hã.—Xlẽ 4 Mose 11:11, 15.

Aleke nàhe viwòwo be woava zu ame ɖɔʋuwo?

Esi wònye be wòe nye dzila ta la, ŋusẽ le asiwò be nàde sewo le aƒea me. (Efesotɔwo 6:1) Srɔ̃ Mawu ƒe kpɔɖeŋua. Mawu ɖenɛ fiana be yelɔ̃ ye viwo esi wòdea se siwo me kɔ nyuie heɖea nu gbegblẽ siwo ado tso eme ne womeɖo to o la me na wo. (1 Mose 3:3) Mawu mezia amewo dzi akpasesẽtɔe be woaɖo to ye o, ke boŋ ɖe wòɖea ale si eme anyo na wo ne wowɔ nyui la me na wo.—Xlẽ Yesaya 48:18, 19.

Ðoe wò taɖodzinui be yeana ye viwo nalɔ̃ Mawu. Esia awɔe be woawɔ nu le nunya me ne mèle wo gbɔ o gɔ̃ hã. Ale si ko Mawu toa kpɔɖeŋu nyui siwo wòɖona dzi fiaa nu míi la, wò hã àte ŋu afia nu viwòwo be woalɔ̃ Mawu ne wò ŋutɔ èɖo kpɔɖeŋua ɖi na wo.—Xlẽ 5 Mose 6:5-7; Efesotɔwo 4:32; 5:1.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 14 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe