INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 12/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Afi kae míakpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia vevitɔwo le?
    Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le?
  • Nu Bubu Siwo Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
    Nyɔ!—2018
  • Trakt si nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
    Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 12/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Aleke viwòwo awɔ asrɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawue?

Dzila aɖe zã Mawu ƒe nuwɔwɔwo tsɔ le nu fiam via

Zã nu siwo Mawu wɔ nàtsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu woanya Mawu ahalɔ̃e

Viwòwo alɔ̃ asrɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawue ne woka ɖe edzi be Mawu li, eye be elɔ̃ yewo. Ele be woanya Mawu hafi ate ŋu alɔ̃e. (1 Yohanes 4:8) Le kpɔɖeŋu me, ele be woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo: Nu ka tae Mawu wɔ amegbetɔwo ɖo? Nu ka tae Mawu ɖe mɔ míekpea fu? Nu kae Mawu awɔ na amegbetɔwo le etsɔme?​—Xlẽ Filipitɔwo 1:9.

Ne èdi be yeakpe ɖe viwòwo ŋu woalɔ̃ Mawu la, ele be wò ŋutɔ nàɖee afia be yelɔ̃e. Ne wokpɔe dzesii be èlɔ̃ Mawu la, woate ŋu ato wò afɔtoƒe.​—Xlẽ 5 Mose 6:5-7; Lododowo 22:6.

Aleke nàwɔ aɖo viwòwo ƒe dzi gbɔ?

Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu. (Hebritɔwo 4:12) Eya ta kpe ɖe viwòwo ŋu woanya gɔmedzenufiafiawo. Be Yesu naɖo eƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ la, ebiaa nya wo eye wòɖea Ŋɔŋlɔawo me na wo. Eya ta be nàɖo viwòwo ƒe dzi gbɔ la, ele be nàfia nu wo ale si Yesu wɔe.​—Xlẽ Luka 24:15-19, 27, 32.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia me ŋutinya siwo ɖe ale si Mawu wɔa nu kple amewoe fia la akpe ɖe ɖeviwo ŋu woanya Mawu ahalɔ̃e. Wotrɔ asi le agbalẽ si akpe ɖe ɖeviwo ŋu woaɖo taɖodzinu sia gbɔ hedae ɖe www.jw.org/ee.​—Xlẽ 2 Timoteo 3:16.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 14 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee alo bia be woaɖo agbalẽ sia ɖe wò femaxee to adrɛs siwo le axa 2 lia dometɔ ɖeka dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe