INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 9/1 axa 4
  • Ame Ka Ƒomeviwoe Yehowa Ðasefowo Nye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Ka Ƒomeviwoe Yehowa Ðasefowo Nye?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Míeɖea Gbeƒã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tɔtrɔ Va Mawu Vavã la Gbɔ
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Medea Nu Dunya Me O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Nu Si Wòfia Be Míagade Akpa Aɖeke Dzi O
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 9/1 axa 4
Yehowa Ðasefo siwo nye dukɔ vovovo me tɔwo la le gbe dom na wo nɔewo le Fiaɖuƒe Akpata me

NYATI SI LE AKPAA DZI | AME KAWOE YEHOWA ÐASEFOWO NYE?

Ame Ka Ƒomeviwoe Yehowa Ðasefowo Nye?

Míenye subɔsubɔha si me tɔwo le xexea me godoo, eye míedo ka kple ha bubu aɖeke o. Togbɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã la le United States hã la, Ðasefo akpa gãtɔ le dukɔ bubuwo me. Le nyateƒe me la, Ðasefo miliɔn enyi le Biblia fiam amewo le dukɔ siwo wu 230 me. Esia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.”—Mateo 24:14.

Afi ka kee míeɖale o, míewɔa se dzi pɛpɛpɛ. Ke hã míedzea agbagba be míagade nu dunyahehe me o. Susu si tae nye be, míewɔa nya si Yesu gblɔ be Kristotɔwo naganye “xexea ƒe akpa aɖeke o” la dzi. Eya ta míedea nu dunyahehe me o, eye míeyia aʋa alo kpea asi ɖe aʋawɔwɔwo ŋu o. (Yohanes 15:19; 17:16) Le Xexemeʋa II me la, wode Yehowa Ðasefo geɖewo gaxɔ me, wowɔ funyafunya wo hewu wo dometɔ aɖewo le esi womeyi aʋa o ta. Germanytɔ aɖe si nye bisiɔp tsã la ŋlɔ tso wo ŋu be: “Woate ŋu aƒu asi akɔ be yewo koe nye habɔbɔ si gbe aʋayiyi le dzitsinya ta le Nazi Dziɖuɖua te.”

“Agbe nyui nɔnɔ ƒe ŋutete wɔnuku aɖe le [Yehowa Ðasefowo] si. Míate ŋu azã ɖokuitɔmadila siawo le dziɖuɖu ƒe ɖoƒe kɔkɔtɔwo gɔ̃ hã—gake míele wo kpɔ ge aɖo nɔƒe mawo gbeɖe o. . . . Wodea bubu ɖoƒe siwo dziɖuɖuwo le ŋu, gake woxɔe se be Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ.”—Nová Svoboda newspaper, Czech Republic.

Ke hã, míeɖea mía ɖokui ɖe aga o. Yesu do gbe ɖa na Mawu ku ɖe eyomedzelawo ŋu ale: “Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o.” (Yohanes 17:15) Eya ta ànya kpɔe be míewɔa dɔ, ƒlea nu hedea suku le nuto si me nèle.

DUKƆ SIWO ME ÐASEFOWO SƆ GBƆ LE WU

  • United States 1,190,000

  • Mexico 800,000

  • Brazil 770,000

  • Nigeria 330,000

  • Italy 250,000

  • Japan 220,000

Egbegbe Israel

Kpɔ video si nye Wowɔ Takpekpe Tɔxɛ Aɖe Le Israel le www.pr2711.com/ee, be nàkpɔ ale si Ðasefo siwo tso Israel kple Palestina la wɔ ɖeka, togbɔ be wotso dukɔ kple to vovovowo me hã. (Àkpɔe le MÍA ŊU NYAWO > TAKPEKPEWO)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe