INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 9/1 axa 7
  • Nu Ka Tae Míeɖea Gbeƒã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Míeɖea Gbeƒã?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Bubu Siwo Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
    Nyɔ!—2018
  • Afi kae míakpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia vevitɔwo le?
    Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le?
  • Afi Si Nàkpɔ Kpekpeɖeŋu Le Be Nàse Biblia Gɔme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 9/1 axa 7
Yehowa Ðasefo eve aɖewo le gbeƒã ɖem na nyɔnu aɖe

NYATI SI LE AKPAA DZI | AME KAWOE YEHOWA ÐASEFOWO NYE?

Nu Ka Tae Míeɖea Gbeƒã?

Ðewohĩ nu si ɖe dzesi le mía ŋu wue nye gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna tso aƒe me yi aƒe me, le dutoƒo kple afi sia afi si amewo le ko, le xexea me godoo. Nu ka tae míewɔa dɔ sia?

Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã tsɔ kafua Mawu henana amewo nyaa eƒe ŋkɔa. (Hebritɔwo 13:15) Azɔ hã, míedi be míawɔ ɖe se si Kristo Yesu de la dzi be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.”—Mateo 28:19, 20.

Gakpe ɖe eŋu la, míelɔ̃ mía havi. (Mateo 22:39) Míenya be ame akpa gãtɔ le subɔsubɔha aɖe me xoxo eye menye ame sia amee kpɔa ŋudzedze ɖe gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la ŋu o. Ke hã míeka ɖe edzi be Biblia me gbedeasia xɔa amewo ɖe agbe. Esia tae míeyia ‘edzi nɔa nu fiam henɔa nya nyuia gblɔm le Kristo la ŋu madzudzɔmadzudzɔe,’ abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene.—Dɔwɔwɔwo 5:41, 42.

Hadomegbenɔnɔŋutinunyala Antonio Cova Maduro ŋlɔ nu tso “agbagba si Yehowa Ðasefowo dzena kple kutri si wokuna . . . , be ŋɔŋlɔ kɔkɔea naɖo anyigba ƒe seƒe ke, togbɔ be esia tea ŋu nana ɖeɖi tea wo ŋu” la ŋu.—Venezuela ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Universal

Ame siwo xlẽa míaƒe agbalẽwo la dometɔ akpa gãtɔ menye Yehowa Ðasefowo o. Eye ame miliɔn geɖe siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la le subɔsubɔha bubuwo me. Ke hã enyea dzidzɔ na wo be Yehowa Ðasefowo vaa yewo gbɔ.

Anɔ eme be nyabiase bubuwo gale asiwò ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Be nàkpɔ ŋuɖoɖoawo la, míade dzi ƒo na wò be

  • Nàbia Yehowa Ðasefo aɖe wòaɖo eŋu na wò.

  • Nàyi míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe, si nye www.pr2711.com/ee.

  • Nàde míaƒe kpekpeawo. Míedzɔa ga le amewo si o, eye ame sia ame ate ŋu ava faa.

Yesu le nusrɔ̃la eve dɔm ɖa be woayi aɖaɖe gbeƒã
To si tame sno dza ɖo

Ne èdi be yeaganya nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu la, kpɔ video si nye Yehowa Ðasefowo—Wowɔ Ðoɖo Hena Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia, le www.pr2711.com/ee. (Àkpɔe le AGBALẼWO > VIDEOWO)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe