Video Si Nye The Bible—Accurate History, Reliable Prophecy
Kpeɖodzi kawoe ɖee fia be ŋutinyamenudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la sɔ pɛpɛpɛ? Biblia me nyagblɔɖi kawoe va eme xoxo siwo na míeka ɖe edzi be nyagblɔɖi bubuawo hã ava eme nenema ke? Woɖo nyabiase siawo ŋu le video si nye The Bible—Accurate History, Reliable Prophecy, si nye video etɔ̃lia le DVD si ƒe tanyae nye The Bible—A Book of Fact and Prophecy dzi, la me. Ne èkpɔ video sia vɔ la, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo nyabiase siwo gbɔna la ŋu hã.
(1) Ame ka Gbɔe Biblia me nya siwo ŋu kakaɖedzi le la tso? (Dan. 2:28) (2) Aleke Biblia ƒo nu tso blema Egipte ŋu wòsɔ pɛpɛpɛ kple ŋutinyamenudzɔdzɔwo, eye aleke nyagblɔɖi si le Yesaya 19:3, 4 va emee? (3) Aleke tomenukuku ɖo kpe nya si Biblia gblɔ le Asiriatɔwo, woƒe fiawo, kple Asiria ƒe nuwuwu ŋu dzii? (Nax. 3:1, 7, 13) (4) Babilon ŋuti nyagblɔɖi kawoe va eme? (Yer. 20:4; 50:38; 51:30) (5) Nyagblɔɖi siwo ku ɖe Medo-Persia ŋu kawoe va eme? (Yes. 44:28) (6) Alekee Daniel 7:6 kple 8:5, 8 va eme ɖe Hela dzi? (7) Alekee Daniel 7:7 va eme esime Roma va zu xexemeŋusẽ? (8) Kaisaro kawo ŋue woƒo nu tsoe le Biblia me? (9) Nu kae dzɔ ɖe Kristotɔwo dzi le Nero ƒe dziɖuɣi? (10) Aleke nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia 13:11 kple 17:10 va eme? (11) Nu kae fia enyilia nye? (12) Nɔnɔme kawoe le video la me siwo ɖo kpe Nyagblɔla 8:9 ƒe nyateƒenyenye dzi? (13) Nyagblɔɖi siwo ku ɖe etsɔme ŋu kawo me vava teƒee nèdi vevie be yeakpɔ? (14) Aleke nàte ŋu azã video sia atsɔ ana ame bubuwo nakpɔe be Mawu gbɔe Biblia tso?