INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 10/1 axa 6-8
  • Gbedodoɖa​—Ale Si Wòaɖe Vi Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbedodoɖa​—Ale Si Wòaɖe Vi Na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Susu me ƒe akɔdzeanyi.
  • Akɔfafa kple ŋusẽdodo le xaxaɣiwo.
  • Nunya si tso Mawu gbɔ.
  • Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Nukata Wòle Be Míado Gbe Ða Madzudzɔmadzudzɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ale Si Míado Gbe Ða—Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa Koe Wòle Be Míagbugbɔ Anɔ Gbɔgblɔma?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • ‘Mina Mawu Nanya Miaƒe Dzimedidiwo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 10/1 axa 6-8
Nyɔnu aɖe ƒe susu le dadaa si dze dɔ la ŋu esi wòle gbe dom ɖa

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE NU NYUI AÐE DONA TSO GBEDODOÐA MEA?

Gbedodoɖa​—Ale Si Wòaɖe Vi Na Wò

Hafi nàdze nane wɔwɔ gɔme la, esɔ le dzɔdzɔme nu be nàbia be, ‘Viɖe kae makpɔ tso eme?’ Ðe nya ma biabia le gbedodoɖa gome afia be míenye ɖokuitɔdilawoa? Mefia nenema kokoko o. Esɔ be míadi be míanya nenye be aɖe vi na mí le mɔ aɖe nu. Hiob, ame dzɔdzɔe la, gɔ̃ hã bia kpɔ be: “Ne meyɔe la, ɖe wòatɔ nama?”—Hiob 9:16.

Le nyati siwo do ŋgɔ me la, míekpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be gbedodoɖa de ŋgɔ sãsãsã wu subɔsubɔkɔnu alo nu si nana ame ƒe susu dzea akɔ anyi ko. Nyateƒeae nye be Mawu vavã la ɖoa to gbedodoɖa. Ne míedoa gbe ɖa le mɔ nyuitɔ nu hebiaa nu siwo sɔ la, aɖo to mí. Le nyateƒe me la, ele dzi dem ƒo na mí be míate ɖe ye ŋu. (Yakobo 4:8) Ekema viɖe kawoe míakpɔ ne míedoa gbe ɖa edziedzi? Na míakpɔ wo dometɔ aɖewo ɖa.

Susu me ƒe akɔdzeanyi.

Ne èle kuxiwo kple nɔnɔme sesẽwo me tom la, ɖe dzimaɖitsitsiwo nana nèsena le ɖokuiwò me be agba wu tsɔtsɔ na yea? Biblia de dzi ƒo na mí be míanɔ “gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi” le nɔnɔme siawo tɔgbi me eye míana “Mawu nanya [míaƒe] dzimedidiwo.” (1 Tesalonikatɔwo 5:17; Filipitɔwo 4:6) Biblia ka ɖe edzi na mí be, ne míetrɔ ɖe Mawu ŋu hedo gbe ɖa nɛ la, “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ [míaƒe] dziwo kple [míaƒe] tamesusuwo ŋu.” (Filipitɔwo 4:7) Ne míeɖe míaƒe dzimenyawo gblɔ na mía Fofo si le dziƒo la, esia ana míaƒe dzi nadze eme. Le nyateƒe me la, nu sia tututue wòde dzi ƒo na mí be míawɔ. Psalmo 55:22 gblɔ be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.”

“Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.” —Psalmo 55:22

Ŋutifafa ma su ame gbogbo manyaxlẽwo si le xexea me godoo. South Korea nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Hee Ran gblɔ be: “Togbɔ be kuxi sesẽwo le dzinye hã la, ne menya do gbe ɖa tso wo ŋu ko la, mekpɔa gbɔdzɔe eye ŋusẽ gaɖoa ŋunye be mado dzi.” Cecilia, si le Philippines la gblɔ be: “Vidadae menye, eye metsia dzi ɖe vinyenyɔnuviawo kple danye, si megatea ŋu kpɔam dzea sii o le eƒe lãmegbegblẽ ta la ŋu. Gake gbedodoɖa kpena ɖe ŋunye meyia nye gbe sia gbe dɔwɔnawo dzi eye nyemetsia dzimaɖi fũu o. Menyae be Yehowa akpe ɖe ŋunye malé be na wo.”

Akɔfafa kple ŋusẽdodo le xaxaɣiwo.

Ðe nèle nɔnɔme sesẽ aɖe si na wò agbe ɖo afɔku me alo esi gblẽ nu le ŋuwò vevie la me toma? Gbedodoɖa na “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la ate ŋu ana dzidzeme geɖe nasu asiwò. Biblia gblɔ be ‘efaa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me.’ (2 Korintotɔwo 1:3, 4) Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esime Yesu nɔ nu xam vevie la, ‘edze klo do gbe ɖa.’ Nu kae do tso eme? “Mawudɔla aɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hedo ŋusẽe.” (Luka 22:41, 43) Nehemiya, si hã nye nuteƒewɔla la, to nɔnɔme sesẽwo me. Ame vɔ̃ɖiwo nɔ ŋɔdzi dom nɛ kple susu be wòadzudzɔ Mawu ƒe dɔ si wɔm wònɔ. Edo gbe ɖa gblɔ be: “Eya ta mele gbe dom ɖa be nàdo ŋusẽ nye asiwo.” Nu siwo va dzɔ emegbe la ɖee fia be Mawu kpe ɖe eŋu ale gbegbe be wòɖu eƒe vɔvɔ̃a dzi eye wòwɔ dɔa de goe. (Nehemiya 6:9-16) Reginald, si le Ghana la gblɔ tso ale si gbedodoɖa ɖe vi nɛ ŋu be: “Ne medo gbe ɖa, vevietɔ le nɔnɔme sesẽwo me la, mesena le ɖokuinye me be meɖe nye kuxia dzi na ame si ŋu ŋutete le be wòakpe ɖe ŋunye, eye wònana mekana ɖe edzi be mehiã be mavɔ̃ o.” Vavãe, Mawu ate ŋu afa akɔ na mí ne míedo gbe ɖa nɛ.

Nunya si tso Mawu gbɔ.

Míaƒe nyametsotso aɖewo ate ŋu agblẽ nu le míawo ŋutɔwo kple míaƒe ame veviwo ŋu ɖikaa. Aleke míawɔ be míaƒe nyametsotsowo nanye nyuitɔ? Biblia gblɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya [vevietɔ le xaxaɣiwo] la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o, eye anɛ.” (Yakobo 1:5) Ne míedo gbe ɖa na Mawu be wòana nunya mí la, ate ŋu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ mí ale be míaƒe nyametsotsowo nanye nyuitɔ. Le nyateƒe me la, míate ŋu abia Mawu be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí, elabena Yesu ka ɖe edzi na mí be ‘Fofo si le dziƒo la ana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ.’—Luka 11:13.

Ŋutsu aɖe le gbe dom ɖa

“Medo gbe ɖa enuenu bia Yehowa be wòafia mɔm mawɔ nyametsotso nyuitɔ.”—Kwabena, si le Ghana

Yesu gɔ̃ hã kpɔe be ehiã be yeabia kpekpeɖeŋu tso ye Fofo gbɔ hafi awɔ nyametsotso veviwo. Biblia na míenya be esime wòdi be yeatia ŋutsu 12 siwo ava zu eƒe apostolowo la, “[edo] gbe ɖa na Mawu zã bliboa katã.”—Luka 6:12.

Abe Yesu ene la, ame geɖe kpɔe egbea be Mawu kpe ɖe yewo ŋu yewowɔ nyametsotso nyuiwo esi yewobia eƒe kpekpeɖeŋu, eye woƒe dzi dze eme. Regina, si le Philippines la, gblɔ kuxi vovovo siwo me wòto: eva hiã be wòakpɔ eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea dzi le srɔ̃a ƒe ku megbe, dɔ ge le esi, eye wòdo go kuxiwo le viawo hehe me. Nu kae kpe ɖe eŋu wòwɔ nyametsotso siwo me nunya le? Egblɔ be, “Medoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu.” Kwabena, si le Ghana la, gblɔ nu si dzɔ si na wòbia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu la ale: “Xɔtudɔ aɖe si me ga geɖe le la ge le asinye.” Nu kae wòwɔ esi wònɔ dɔwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo ŋu bum? Egblɔ be, “Medo gbe ɖa enuenu bia Yehowa be wòafia mɔm mawɔ nyametsotso nyuitɔ.” Egblɔ kpee be, “Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa kpe ɖe ŋunye metia agbemedɔ si na meyi edzi le esubɔm eye nye agbemenuhiahiãwo hã sua asinye.” Mawu afia mɔ wò hã le agbe me ne èdoa gbe ɖa tso nu siwo ana nànɔ ƒomedodo nyui me kplii la ŋu.

Mɔ siwo nu gbedodoɖa ate ŋu aɖe vi na wò le la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye emawo me míedzro. (Àte ŋu akpɔ bubuwo le aɖaka si nye “Ale Si Gbedodoɖa Ðea Vii” la me.) Gake nu si nàwɔ hafi gbedodoɖa naɖe vi na wò aleae nye be nànya Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu. Ne esiae nèdi la, ekema míele dzi dem ƒo na wò be nàna Yehowa Ðasefowo nakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Biblia.a Esia ate ŋu anye afɔ gbãtɔ si nàɖe be nàte ɖe “Gbedodoɖasela” la ŋu.—Psalmo 65:2.

a Ne èdi nyatakaka bubuwo la, ekema te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàyi míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org/ee.

Ale Si Gbedodoɖa Ðea Vii

Susu me ƒe akɔdzeanyi “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Akɔfafa si tso Mawu gbɔ “Woakafu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye Fofoa, ame si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe [xaxawo] katã me.”—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

Mawu afia mɔ mí míawɔ nyametsotso nyuiwo “Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o, eye anɛ.”—Yakobo 1:5.

Tetekpɔ dzi ɖuɖu “Minɔ gbedodoɖa dzi, be miagadze tetekpɔ me o.”—Luka 22:40.

Mawu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí “[Ne] nye dukɔ si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la bɔbɔ wo ɖokuiwo, eye wodo gbe ɖa hedi nye ŋkume, eye wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi la, ekema masee le dziƒowo, matsɔ woƒe nu vɔ̃ la ake.”—2 Kronika 7:14.

Míetoa edzi kpena ɖe amewo ŋu “Ŋusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu.”—Yakobo 5:16.

Ne Mawu ɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, esia dea dzi ƒo na mí “Yehowa gblɔ [na Salomo] be: ‘Mese wò gbedodoɖa kple koko si nèƒo be woave ye nu la.’”—1 Fiawo 9:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe