INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 1 axa 14-15
  • Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedodoɖa​—Ale Si Wòaɖe Vi Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 1 axa 14-15

Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Esi Pamela nɔ kansadɔ lém la, eyi kɔdzi be ɖɔkitawo nawɔ atike na ye. Gake edo gbe ɖa hã be Mawu nado ŋusẽ ye le nɔnɔme sesẽ ma me. Ðe gbedodoɖa kpe ɖe eŋua?

Pamela gblɔ be: “Nu siwo me metona ne wòle kansatike wɔm nam la, nana mevɔ̃na ŋutɔ. Gake ne medo gbe ɖa na Yehowa Mawu la, nye dzi dzea eme eye nyemegavɔ̃na o. Megasea veve kokoko ya, gake gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye metsɔ susu ɖo nu nyuiwo ŋu. Ne amewo biam be aleke mefɔe hã la, megblɔna be ‘Nyemefɔ nyuie ya o, gake dzi le dzɔyem!’”

Mele be míalala kuxi sesẽ aɖe nava mía dzi alo míadze dɔ vevie hafi ado gbe ɖa o. Kuxiwo vaa mí katã mía dzi, gãwo kple sueawo, eye zi geɖea míekpɔnɛ be míehiã kpekpeɖeŋu be míanɔ te ɖe wo nu. Ðe gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋua?

Biblia gblɔ be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.” (Psalmo 55:22) Nya mawo fa akɔ na ame ŋutɔ! Eya ta aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò? Ne èdo gbe ɖa na Mawu le mɔ nyuitɔ nua, akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò kuxiwo nu.—Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò.”

Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò

Wò susu me adze akɔ anyi

Dɔtɔ si ƒe dɔ gblẽ tsã la le alɔgbɔnu kom eye wòle zɔzɔm dzinɔameƒotɔe.

‘Mina Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.’ (Filipitɔwo 4:6, 7) Ne èdo gbe ɖa gblɔ wò kuxiwo na Mawu la, akpe ɖe ŋuwò be wò susu me nadze akɔ anyi eye nàwɔ nu si sɔ.

Mawu ana nunya wò

Nyɔnu si nɔ gbedodoɖa xlẽm tso agbalẽ aɖe me tsã la le eƒe Biblia xlẽm le aƒe me.

“Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o, eye anɛ.” (Yakobo 1:5) Ne nu te ɖe mía dzi la, esesẽna be míabu nuwo ŋu nyuie. Ne èdo gbe ɖa bia nunya la, Mawu akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le eƒe Nya Biblia me dzi.

Àkpɔ ŋusẽdodo kple akɔfafa

Atsu kple asi si nɔ kɔdzi tsã la le zɔzɔm le tsaɖibɔ aɖe me. Srɔ̃ŋutsua le kpekpem ɖe srɔ̃a ŋu ɖɔɖɔɖɔ be wòate ŋu azɔ kple atia.

“Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” (Filipitɔwo 4:13) Esi wònye Yehowae nye Mawu ŋusẽkatãtɔ ta la, ate ŋu ana ŋusẽ si nèhiã la wò be nànɔ te ɖe wò kuxiwo nu, alo alé wò ɖe te be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽwo me. (Yesaya 40:29) Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu hã be enye “akɔfafawo katã ƒe Mawu.” Ate ŋu afa akɔ na mí “le míaƒe tetekpɔwo katã me.”—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

ÀNA WÒAÐE VI NA WÒA?

Yehowa mezi dziwò be nàdo gbe ɖa na ye o. Ke boŋ ele kpewòm lɔlɔ̃tɔe be nàdo gbe ɖa na ye. (Yeremiya 29:11, 12) Ke ne èsena le ɖokuiwò me tsã be Mawu meɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu o ya ɖe? Dzi megaɖe le ƒowò nàna ta o. Ate ŋu adzɔ be dzila lɔ̃amewo makpe ɖe wo viwo ŋu ale si ɖeviawo dii, alo ɣeyiɣi si tututu me wodii o. Ðewohĩ dzilawo adi be yewoakpe ɖe wo ŋu le mɔ bubu aɖe si nyo wu nu. Gake nu ɖeka aɖe si dzi míate ŋu aka ɖoe nye be: Dzila lɔ̃amewo kpena ɖe wo viwo ŋu.

Yehowa Mawu, si nye dzila si lɔ̃ame wu ɖe sia ɖea di be yeakpe ɖe wò hã ŋuwò. Ne ède ŋugble le Biblia me mɔfiame siwo me míedzro ŋu nyuie eye nèdze agbagba wɔ ɖe wo dzi la, Mawu aɖo wò gbedodoɖawo ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu!—Psalmo 34:15; Mateo 7:7-11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe