INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 10/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Ahedada De Gae
    Nyɔ!—1998
  • Agbagbadzedze Be Woaɖe Ahedada Ða
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ahedada ƒe Nuwuwu Gogo
    Nyɔ!—1998
  • Nya Nyui Na Ame Dahewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 10/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðe wòanya wɔ be ahedada nu nayia?

Nyɔnu aɖe lé agba ƒuƒlu ɖe asi hekpla asi kɔ na nyɔnuvi dzaa aɖe

Aleke Mawu awɔ ahe xexe si me ahedada manɔ o la vɛ?—Mateo 6:9, 10.

Ahedada kolikoli wɔnɛ be ƒe sia ƒe la, ame miliɔn geɖe kuna le nunyuimakpɔɖu kple dɔléle ta. Togbɔ be nu dze edzi na amewo le xexea ƒe akpa aɖewo hã la, ame gbogbo aɖewo li siwo da ahe kolikoli. Biblia ɖee fia be ahedada nye kuxi na ameƒomea tso gbe aɖe gbe ke.—Xlẽ Yohanes 12:8.

Dziɖuɖu si aɖu xexe bliboa dzi koe ate ŋu aɖe ahedada ɖa. Ele be ŋusẽ nanɔ dziɖuɖu ma si be wòama anyigbadzinuwo sɔsɔe ɖe ame sia ame nu eye wòatsi aʋawɔwɔ, si hã nye nu siwo koŋ hea ahedada vɛ dometɔ ɖeka la nu. Mawu do ŋugbe be yeahe dziɖuɖu sia tɔgbi vɛ.—Xlẽ Daniel 2:44.

Ame kae ate ŋu aɖe ahedada ɖa?

Mawu ɖo Via, Yesu, be wòaɖu ameƒome bliboa dzi. (Psalmo 2:4-8) Yesu axɔ na ame dahewo eye wòaɖe ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ɖa.—Xlẽ Psalmo 72:8, 12-14.

Yesu, si nye “Ŋutifafafia” si ŋugbe Mawu do la, ana ŋutifafa kple dedienɔnɔ naxɔ xexea me. Ekema aƒe anɔ anyigbadzinɔlawo katã si, woawɔ dɔ siwo naa dzidzeme ame, eye nuɖuɖu abɔ.—Xlẽ Yesaya 9:6, 7; 65:21-23.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe