Nya Nyui Na Ame Dahewo
MAWU ƑE NYA la ka ɖe edzi na mí be “womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o.” (Psalmo 9:19) Eye wògagblɔ tso mía Wɔla la ŋu be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” (Psalmo 145:16) Menye drɔ̃e dzro aɖe koe nya siawo siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me nye o. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ate ŋu awɔ nu si hiã be ahedada naganɔ anyi azɔ o. Nu kae ame dahewo hiã na?
Ganyawo ŋuti nunyala aɖe, si nye Afrikatɔ la, gblɔ be le ɖoɖoa nu la, dukɔ dahewo hiã na “dziɖula nyodɔme si akpɔ ŋusẽ ɖe eteviwo dzi bliboe.” Esia fia be wohiã na ame aɖe si si ŋusẽ le be wòaɖe afɔ, eye dɔmenyola si atsɔ ɖe le eme na amewo. Míate ŋu agblɔ akpee be ele be dziɖula si ate ŋu aɖe ahedada ɖa la nanye xexea katã dzi ɖula, elabena ale si nu dea dukɔ aɖewo dzi wu bubuwo gbɔe ahedada kolikoli tsona zi geɖe. Azɔ hã, ele be dziɖula si aɖe ahedada ɖa la nanye ame si ate ŋu awɔ nane tso nu si gbɔ ahedada tso, si nye ɖokuitɔdidi si ƒe dome míenyi la, ŋu. Afi kae míate ŋu akpɔ dziɖula nyui sia tɔgbi le?
Mawu de gbe nyui aɖe asi na Yesu be wòahe avae na hiãtɔwo. Esi Yesu tso be yeaxlẽ dɔ si Mawu dɔe be wòava wɔ la, egblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo.”—Luka 4:16-18.
Nu Kae Nye Nya Nyuia?
Mawu ɖo Yesu Fiae. Nya nyui aɖee esia nye vavã. Eyae nye Dziɖula si dze si aɖe ahedada ɖa, elabena (1) aɖu ameƒomea katã dzi, eye ŋusẽ le esi be wòawɔe hã; (2) esea veve ɖe ame dahewo nu, eye wòfiaa eyomedzelawo be woatsɔ ɖe le eme na wo; eye (3) ate ŋu aɖe nu si gbɔ ahedada tsona, si nye ɖokuitɔdidi si ƒe dome míenyi, la ɖa. Na míadzro nya nyuia ƒe akpa etɔ̃ siawo me kpɔ.
1. Ŋusẽ le Yesu si be wòaɖu dukɔwo katã dzi Mawu ƒe Nya la gblɔ tso Yesu ŋu be: “Wotsɔ ŋusẽ . . . nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe.” (Daniel 7:14) Ðe made ame dzi ŋutɔ ne dziɖula ɖeka koe le ameƒomea katã dzi ɖum oa? Dzrewɔwɔ kple nyaʋiʋli ɖe anyigbadzinuwo ta maganɔ anyi o. Woama nuwo ɖe ame sia ame nu sɔsɔe. Yesu ŋutɔ ka ɖe edzi na mí be yeanye xexea me Dziɖula si si ŋusẽ le be wòahe tɔtrɔwo avae. Egblɔ be: “Wotsɔ ŋusẽ katã nam le dziƒo kple anyigba dzi.”—Mateo 28:18.
2. Yesu sea veve ɖe ame dahewo nu Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa katã wɔɣi me la, ese veve ɖe ame dahewo nu. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe si gblẽ eƒe nunɔamesiwo katã ɖe dɔdada ŋu la ka asi Yesu ƒe awu ŋu bene yeahaya. Enɔ ʋusisidɔ lém ƒe 12 sɔŋ, eye ɖikeke mele eme o be nu anya te eŋu ŋutɔ. Le Sea nu la, ame sia ame si ŋu wòaka asii la ŋu makɔ o. Gake Yesu wɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe. Egblɔ nɛ be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye wò lãme nahaya tso dɔléle vɔ̃ɖi sia me.”—Marko 5:25-34.
Ŋusẽ le Yesu ƒe nufiafiawo ŋu be wòatrɔ amewo ƒe dzi be woawo hã nanye ame siwo sea veve ɖe ame nu. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yesu ɖo nya ŋu na ŋutsu aɖe si di be yeanya nu si yeawɔ be yeƒe nu nadze Mawu ŋu la ŋu kpɔ. Ŋutsua nya be Mawu di be míalɔ̃ mía havi, gake ebia Yesu be: “Ame ka tututue nye hanyevi?”
Le Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo nɛ me la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe si ŋu ame geɖe nya nu tsoe egbea si ku ɖe ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yerixo si woda adzoe hede abi eŋu wòku “afã kple afã” la ŋu. Nunɔla aɖe si nɔ mɔ ma dzi zɔm la dze to mɔa ƒe akpa kemɛ dzo. Lewitɔ aɖe hã wɔ nu nenema ke. “Ke Samariatɔ aɖe si nɔ mɔa zɔm la va ke ɖe eŋu, eye esi wòkpɔe la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ.” Ebla ŋutsua ƒe abiwo nɛ, ekɔe yi ɖe amedzrodzeƒe aɖe, eye wòxe fe na amedzrodzeƒea dzi kpɔla be wòakpɔ ŋutsua gbɔ. Yesu biae be: ‘Ame kae wɔ eɖokui ame si dze adzodalawo si me la havi?’ Eɖo eŋu be “ame si kpɔ nublanui nɛ lae.” Azɔ Yesu gblɔ nɛ be: “Wò hã nànɔ wɔwɔm nenema ke.”—Luka 10:25-37.
Ame siwo va zua Yehowa Ðasefowo la srɔ̃a nu tso Yesu ƒe nufiafia siawo ŋu, eye esia kpɔ ŋusẽ ɖe woawo hã dzi, si wɔe be wokpena ɖe ame siwo le hiã me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Latvia agbalẽŋlɔla aɖe ƒe agbalẽ si nye Women in Soviet Prisons me la, eƒo nu tso dɔléle aɖe si ɖe fu nɛ esime wònɔ dɔ wɔm le Potma fuwɔamegaxɔ me le ƒe 1960-awo me la ŋu. Egblɔ be: “Le nye dɔléɣiwo katã me la, [Ðasefowo] nɔ nam abe dɔnɔdzikpɔla dovevienuwo ene. Nyemebui kpɔ be ame aɖe ate ŋu alé be nam nenema gbegbe o.” Egblɔ kpee be: “Yehowa Ðasefowo bui be enye yewoƒe agbanɔamedzi be yewoakpe ɖe ame sia ame ŋu, metsɔ le eme subɔsubɔha alo dukɔ si me amea tso o.”
Esi ganyawo ƒe tɔtɔ na dɔ ge le Yehowa Ðasefo aɖewo si le Ancón, Ecuador, si wɔe be ganyawo ɖe fu na wo la, wo nɔvi Ðasefowo wɔ ɖoɖo aɖe be yewoatsɔ akpe ɖe wo ŋu le ganyawo gome; woɖaa nu dzrana na tɔƒodela siwo trɔ tso tɔƒo le zã me (fotoa le ɖusime). Hamea me tɔwo katã kpea asi ɖe ɖoɖoa ŋu, ɖeviwo kura gɔ̃ hã. Wodzea nuɖaɖa gɔme fɔŋli sia fɔŋli ga ɖeka ale be kaka tɔƒodelawo nagbɔ tso tɔƒo ga ene me la, ke woɖa nua vɔ. Ðasefowo maa ga si wokpɔ la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiãwo nu.
Kpɔɖeŋu siawo ɖee fia be ŋusẽ le Yesu ƒe kpɔɖeŋu kple nufiafiawo ŋu be wòakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ahana woanye ame siwo kpena ɖe ame siwo le hiã me la ŋu.
3. Ŋusẽ le esi be wòatrɔ amewo ƒe nɔnɔme Ame sia ame nya be amegbetɔwo nye ɖokuitɔdilawo le dzɔdzɔme nu. Biblia yɔ nɔnɔme sia be nu vɔ̃. Apostolo Paulo gɔ̃ hã gblɔ be: “Mekpɔ se sia le gonyeme: ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi boŋ nɔa menye.” Egblɔ kpee be: “Ame kae aɖem tso ŋutilã sia si ana maku la si me? Akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!” (Romatɔwo 7:21-25) Le afi sia la, Paulo ƒo nu tso ale si Mawu ato Yesu dzi aɖe tadeagula vavãwo tso nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi, si me ɖokuitɔdidi, si gbɔ ahedada tsona, hã le la me. Aleke esia ava emee?
Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela la gblɔ tso eŋu be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa lae nye esi!” (Yohanes 1:29) Eteƒe madidi o, ame siwo vo tso nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi la si me koe anɔ anyigba dzi, eye ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme si le wo si la hã nu ayi. (Yesaya 11:9) Ɣemaɣi la, Yesu aɖe nu si gbɔ ahedada tso la ɖa keŋkeŋ.
Ðe dzi medzɔa mí ŋutɔ ne míebu ɣeyiɣi ma si me amewo katã akpɔ nu si wohiã la ŋu oa? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: ‘Wo dome ame sia ame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.’ (Mixa 4:4) Hakpanya siawo ɖɔ ɣeyiɣi si me ame sia ame akpɔ dɔ si ana eƒe dzi nadze eme, eye wòanɔ dedie ahase vivi le xexe si me ahedada mele o me hena Yehowa ƒe kafukafu.