INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 4 axa 3
  • Ŋutinya Aɖe Si Le Vevie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutinya Aɖe Si Le Vevie
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si
    Nyɔ!: Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si
  • A3 Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • Mawu Gblɔ Eƒe Tameɖoɖowo Na Mí
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Ðe Wotɔ Tsi Mawu Ƒe Nyaa Me Nyawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 4 axa 3

NYATI SI LE AKPAA DZI | BIBLIA LA​—NU SI TAE ENU MEYI O

Ŋutinya Aɖe Si Le Vevie

Ŋutsu aɖe lé Biblia ɖe asi eye wòdze le eƒe mo be ele ɖi kem le eɖokui me

Biblia to vovo sãsãsã na subɔsubɔgbalẽ bubuwo. Ƒe akpe geɖe ye nye esia Biblia le ŋusẽ kpɔm ɖe ame geɖe ƒe dzixɔsewo dzi le xexea me godoo; agbalẽ bubu aɖeke mede enu le go sia me o. Gake eya kee nye agbalẽ si me amewo dzro tsitotsito wu kple esi ŋu woƒo nu tsi tsitre ɖo wu.

Le kpɔɖeŋu me, agbalẽnyala aɖewo gblɔna be Biblia siwo li egbea la me nyawo mesɔ kple ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me nyawo o. Mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã aɖe gblɔ be: “Mímate ŋu aka ɖe edzi gbeɖe be nya siwo nɔ ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me la tututue le esiwo míegbugbɔ ŋlɔ la me o. Vodadawo sɔŋ koe le wo me, eye ƒe alafa geɖe tso wo dometɔ akpa gãtɔ kple ŋɔŋlɔ gbãtɔawo dome eye woto vovo, edze ƒãa be woto vovo le mɔ akpe nanewo nu.”

Le ame aɖewo gome la, subɔsubɔha si me wodzi wo ɖo lae wɔe be womekana ɖe edzi be Biblia me nyawo de pɛpɛpɛ o. Le kpɔɖeŋu me, Faizal, si ƒe ƒometɔwo menye Kristotɔwo o la fiae be Biblia nye agbalẽ kɔkɔe gake wotrɔ emenyawo. Egblɔ be: “Esia wɔe be, ne ame aɖe va le nu ƒom nam tso Biblia ŋu la, mekea ɖi eƒe nyawo. Elabena menye Biblia gbãtɔa ye le esi o. Wotrɔ emenyawo!”

Gake ne wotrɔ Biblia me nyawo alo wometrɔ wo o la, ɖe esia le veviea? Azɔ, de ŋugble le biabia siawo hã ŋu kpɔ: Ðe nàte ŋu axɔ Biblia me ŋugbedodo fakɔname siwo ku ɖe etsɔme ŋu la dzi se ne mènya nenye be ŋugbedodo mawo nɔ ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me oa? (Romatɔwo 15:4) Ne Biblia siwo li egbea la nye gbãtɔawo siwo amewo gbugbɔ ŋlɔ, siwo me vodadawo bɔ ɖo la, ɖe nàtsɔ mɔfiame siwo le wo me la awɔ dɔe ne dɔwɔɖui, ƒome, alo mawusubɔsubɔ ŋuti nyametsotso veviwo dze ŋgɔ wòa?

Togbɔ be Biblia-gbalẽ siwo woŋlɔ gbã la megali egbea míakpɔ o hã la, míate ŋu alé ŋku ɖe esiwo wogbugbɔ ŋlɔ le blema, siwo dome Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ akpe geɖe le la ŋu. Aleke wòdzɔe be asinuŋɔŋlɔgbalẽ mawo gakpɔtɔ li togbɔ be woate ŋu anyunyɔ hafi, amewo di be yewoatsrɔ̃ wo ɖa, eye wodze agbagba be yewoatrɔ wo me nyawo hã? Aleke nyateƒe si wònye be wogakpɔtɔ li egbea ate ŋu ana nàka ɖe edzi be Biblia siwo li egbea la me nyawo de pɛpɛpɛ? Azɔ, xlẽ nyati siwo kplɔe ɖo be nàkpɔ ale si woɖo biabia mawo ŋui ku ɖe nu siwo gbegbe me Biblia to hafi gakpɔtɔ li ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe