INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 4 axa 14-15
  • Nuwo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo Si Ate Ŋu Aɖe Vi Gãtɔ Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuwo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo Si Ate Ŋu Aɖe Vi Gãtɔ Na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI MÍATSƆ MÍAƑE DZIXƆSEWO ASƆ KPLE BIBLIA ƑE NUFIAFIA
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Amekae Yesu Kristo Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nu Kae Nye Mawu Ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
    Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 4 axa 14-15

Nuwo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo Si Ate Ŋu Aɖe Vi Gãtɔ Na Wò

ÐE NÈBUA ɖokuiwò Kristotɔea? Ne nenemae la, ke èle anyigbadzitɔ biliɔn eve kple edzivɔ, si nye ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me kloe, siwo gblɔna be yewonye Kristo yomedzelawo la dome. Egbea, xɔseha akpe geɖe tɔ ŋkɔ Kristotɔwo, gake womewɔ ɖeka o eye woƒe dzixɔsewo kple nufiafiawo le vovovo. Eya ta anɔ eme be wò dzixɔsewo to vovo sãa na ha bubu siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la tɔwo. Ðe nu si dzi nèxɔ se la le veviea? Ɛ̃, ele vevie nenye be èdi be yeanye Kristotɔ si tɔgbi ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me.

Woyɔ Yesu Kristo yomedzela gbãtɔwo be “Kristotɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 11:26) Esi wònye be Kristotɔwo ƒe ha ɖeka koe nɔ anyi ɣemaɣi ta la, womegahiã na ŋkɔ bubu aɖeke si woatsɔ ade dzesi woe o. Kristotɔawo wɔ ɖeka hezɔ ɖe Yesu Kristo, ame si ɖo Kristotɔnyenye anyi la, ƒe nufiafiawo kple mɔfiamewo dzi. Ke sɔleme si nèdena ya ɖe? Ðe nèka ɖe edzi be sɔlemehaa ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Kristo ƒe nufiafiawo kpakple Kristo yomedzela gbãtɔwo ƒe dzixɔsewoa? Aleke nàte ŋu akpɔ kakaɖedzi le nya sia ŋu? Mɔ ɖeka kolia si dzi nàto awɔ esiae nye be nàtsɔ Biblia ƒe nufiafia ado wò dzixɔsewo kpɔ.

Bu nya sia ŋu kpɔ: Yesu Kristo de bubu Ŋɔŋlɔawo ŋu heka ɖe edzi be enye Mawu ƒe Nya. Eƒo nu tsi tsitre ɖe ame siwo tɔ tsi Biblia ƒe nufiafiawo le amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ta la ŋu. (Marko 7:9-13) Eya ta míate ŋu agblɔe wòasɔ be Yesu yomedzela vavãwo tua woƒe dzixɔsewo ɖe Biblia dzi. Eya ta ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe ha si me mele ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Biblia tɔa?’ Be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nya sia la, ɖe manyo be nàtsɔ miaƒe hamenufiafiawo asɔ kple nu si Biblia fia ŋutɔŋutɔ oa?

Yesu gblɔ be ele be míade ta agu na Mawu le nyateƒe me, eye Biblia mee nyateƒe ma le. (Yohanes 4:24; 17:17) Eye apostolo Paulo gblɔ be “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ” si asu mía si la gbɔe wòatso be míakpɔ ɖeɖe. (1 Timoteo 2:4) Eya ta ele vevie be míana míaƒe dzixɔsewo nawɔ ɖeka kple Biblia me nyateƒe si de pɛpɛpɛ la. Esia le vevie na míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ!

ALE SI MÍATSƆ MÍAƑE DZIXƆSEWO ASƆ KPLE BIBLIA ƑE NUFIAFIA

Míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ biabia ade siwo le nyati sia me eye nàde dzesi ale si Biblia ɖo wo ŋui. Xlẽ mawunyakpukpuiawo le Biblia me eye nàde ŋugble le ŋuɖoɖoawo ŋu. Eyome bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ha si me mele ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Biblia tɔa?’

Numedzodzro sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ nuwo asɔ kple wo nɔewo le mɔ si aɖe vi gãtɔ na wò la nu. Ðe nàdi be yeatsɔ sɔleme si nèdena la ƒe nufiafiawo asɔ kple nya si Biblia gblɔa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàdzro Biblia me nyateƒe siwo me kɔ la me. Ðe manyo be nàna Ðasefo aɖe nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli wò femaxee oa? Alo àte ŋu ayi míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee.

1 BIABIA: Ame kae nye Mawu?

ŊUÐOÐOA: Yehowa, si nye Yesu Fofo lae nye Mawu mavɔmavɔtɔ kple Ŋusẽkatãtɔ si wɔ nuwo katã.

NYA SI BIBLIA GBLƆ:

“Míedaa akpe na Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la, ɣesiaɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta.”—Kolosetɔwo 1:3.

“Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã.”—Nyaɖeɖefia 4:11.

Xlẽ Romatɔwo 10:13 kple 1 Timoteo 1:17 hã.

2 BIABIA: Ame kae nye Yesu Kristo?

ŊUÐOÐOA: Yesue nye Mawu ƒe Ŋgɔgbevi. Ðe wowɔ Yesu, eya ta gɔmedzedze li nɛ. Yesu bɔbɔ ɖe Mawu te eye wòwɔa Eƒe lɔlɔ̃nu.

NYA SI BIBLIA GBLƆ:

“Fofo la lolo wum.”—Yohanes 14:28.

“[Yesu] nye Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme, nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ.”—Kolosetɔwo 1:15.

Xlẽ Mateo 26:39 kple 1 Korintotɔwo 15:28 hã.

3 BIABIA: Nu kae nye gbɔgbɔ kɔkɔe la?

ŊUÐOÐOA: Gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ŋusẽ si ŋu dɔ Mawu wɔna be yeƒe tameɖoɖo nava eme. Menye amee wònye o. Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ayɔ amewo fũu eye ate ŋu ado ŋusẽ ame hã.

NYA SI BIBLIA GBLƆ:

“Esi Elizabet se Maria ƒe gbedonamea la, vidzĩ la ti kpo le eƒe dɔ me, eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elizabet fũu.”—Luka 1:41.

“Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi.”—Dɔwɔwɔwo 1:8.

Xlẽ 1 Mose 1:2, Dɔwɔwɔwo 2:1-4 kple ta 10:38 hã.

4 BIABIA: Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?

ŊUÐOÐOA: Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si le dziƒo. Yesu ye nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Eteƒe madidi o, Fiaɖuƒe sia ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba bliboa dzi.

NYA SI BIBLIA GBLƆ:

“Azɔ mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la. Eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm be: ‘Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe Fiaɖuƒe, eye aɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.’”—Nyaɖeɖefia 11:15.

Xlẽ Daniel 2:44 kple Mateo 6:9, 10 hã.

5 BIABIA: Ame nyuiwo katãe ayi dziƒoa?

ŊUÐOÐOA: Ao. Mawu tia amegbetɔ wɔnuteƒe ʋɛ aɖewo siwo woɖɔ be “alẽha sue” la be woayi dziƒo. Woawo kple Yesu woaɖu fia ɖe ameƒomea dzi.

NYA SI BIBLIA GBLƆ:

“Alẽha sue, mègavɔ̃ o, elabena edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ Fiaɖuƒe la na mi.”—Luka 12:32.

“Woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii.”—Nyaɖeɖefia 20:6.

Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:1, 3 hã.

6 BIABIA: Tame kae Mawu ɖo ɖe anyigbaa kple ameƒomea ŋu?

ŊUÐOÐOA: Anyigba la azu paradiso le Mawu Fiaɖuƒea te, eye nuteƒewɔlawo anɔ agbe mavɔ le lãmesẽ deblibo kple ŋutifafa mavɔ me.

NYA SI BIBLIA GBLƆ:

“Ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

“Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Xlẽ Psalmo 37:29 kple 2 Petro 3:13 hã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe