INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 5 axa 16
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?
  • Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Ava?
  • NU BUBU SI MÍESRƆ̃ LE BIBLIA ME
  • Mawu Fiaɖuƒe
    Nyɔ!—2013
  • Mawu Fiaɖuƒe La—Nu Kae Wònye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Ðe Dziɖuɖu Aɖe Li, Si Li Ke Sesĩe Aɖu Anyigba Bliboa Dzia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Nyati Bubuwo
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 5 axa 16
Kekeli aɖe tso fiazikpui aɖe gbɔ le dziƒo klẽ ɖe anyigba dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?

AME AÐEWO XƆE SE be eyae nye Mawu ƒe dziɖuɖu le ame ƒe dzi me; ame bubuwo hã susu be amegbetɔwoe ato agbagba siwo dzem wole be yewoana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ xexea me la dzi ahe Mawu Fiaɖuƒea vɛ. Nu kae nèsusu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. . . . Agbã [amegbetɔwo ƒe] fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui.” (Daniel 2:44) Esia fia be, dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Mawu Fiaɖuƒea nye.

NU BUBU SI MÍESRƆ̃ LE BIBLIA ME

  • Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum tso dziƒo.—Mateo 10:7; Luka 10:9.

  • Mawu toa Fiaɖuƒea dzi nana wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu le dziƒo kple anyigba dzi.—Mateo 6:10.

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Ava?

ÐE NÀGBLƆ BE

  • Ame aɖeke menya oa?

  • Ava kpuiea?

  • Mava gbeɖe oa?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14) Ne wonya wu gbeƒãɖeɖe nya nyuia nu keŋkeŋ ko la, Fiaɖuƒea ava ɖe fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia ɖa.

NU BUBU SI MÍESRƆ̃ LE BIBLIA ME

  • Anyigbadzinɔla aɖeke menya ɣeyiɣi si me Mawu Fiaɖuƒea ava o.—Mateo 24:36.

  • Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be Fiaɖuƒea ava kpuie.—Mateo 24:3, 7, 12.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe