INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 6 axa 16
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu ɖoa gbedodoɖawo katã ŋua?
  • Ðe wòle be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me hafi ado gbe ɖaa?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Mawu Aɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋua?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 6 axa 16
Nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Mawu ɖoa gbedodoɖawo katã ŋua?

ÐE NÀGBLƆ BE . . .

  • Eɖoa ame sia ame tɔ ŋu

  • Eɖoa ame aɖewo tɔ ŋu

  • Meɖoa ame aɖeke tɔ ŋu oa

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.”—Psalmo 145:18.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Mawu meɖoa to ame siwo dze aglã ɖe eŋu la ƒe gbedodoɖawo o. (Yesaya 1:15) Gake ‘woate ŋu akpɔ’ wo kple Mawu dome nyawo gbɔ ne wotrɔ agbenɔnɔ.—Yesaya 1:18.

  • Hafi Mawu naɖo gbedodoɖa aɖe ŋu la, ele be gbedodoɖaa nawɔ ɖeka kple eƒe nudidi siwo le Biblia me.—1 Yohanes 5:14.

Ðe wòle be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me hafi ado gbe ɖaa?

AME AÐEWO XƆE SE be ele be yewoadze klo, abɔbɔ ta, alo akpe asi ɣesiaɣi si yewoado gbe ɖa. Nu kae nèsusu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu ɖo to se ame siwo ‘bɔbɔ nɔ anyi,’ ‘tso ɖe tsitrenu,’ ‘tsyɔ akɔ anyi’ alo ‘dze klo’ la ƒe gbedodoɖawo. (1 Kronika 17:16; 2 Kronika 30:27; Ezra 10:1; Dɔwɔwɔwo 9:40) Mawu medi be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe koŋ me ne míele gbe dom ɖa o.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Mawu ɖoa to ɖokuibɔbɔlawo.—Psalmo 138:6.

  • Àte ŋu ado gbe ɖa le gbe ɖe sia ɖe me alo adoe ɖa le ɖoɖoezizi me gɔ̃ hã.—2 Kronika 6:32, 33; Nehemiya 2:1-6.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 17 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe