Ŋgɔdonya
NU KAE NÈSUSU?
Ðe Biblia me nyawo do xoxo le egbexexe sia mea? Alo ɖe asixɔxɔ gale eŋua? Biblia ŋutɔ gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.”—2 Timoteo 3:16, 17.
Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso kpɔɖeŋu siwo me nunya le siwo le Biblia me la ŋu, eye wògaɖo aɖaŋu siwo ana Biblia xexlẽ naɖe vi geɖe na mí hã.