Ŋgɔdonya
Ðe nètsi dzimaɖi le ale si nuwo le asi xɔm ŋutɔ la ta? Ðe nèwɔa dɔ gaƒoƒo geɖe be nàte ŋu akpɔ wò kple wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔa? Ðe mègate ŋu kpɔa vovo ɖe wò ƒomea kple xɔ̃wòwo ŋu oa? Ne nenemae la, ke nyati siwo le Nyɔ! ƒe tata sia me aɖe vi na wò. Nyatiawo ƒo nu tso aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzɔ eye màgatsi dzimaɖi fũu o la ŋu. Nyati mamlɛtɔ akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe si gbɔna, eye mɔkpɔkpɔ sia afa akɔ na wò fifia gɔ̃ hã.