INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp18 No. 1 axa 3
  • Ðe Biblia Ƒe Mɔfiamewo Gaɖea Vi Egbea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Biblia Ƒe Mɔfiamewo Gaɖea Vi Egbea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋgɔdonya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Agbalẽ Si Nyo Na Agbenɔnɔ Le Mi̇́aƒe Ŋkekea Me
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
  • Viɖenu Aɖe Hena Gbegɔmeɖeɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nukpɔsusu si Da Sɔ ƒe Amesinɔnɔ le Kɔmpiuta Mɔ̃ɖaŋu Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
wp18 No. 1 axa 3
Dzinudzidela aɖe, yameʋu, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe, ƒome aɖe kple ŋutsu aɖe si le Biblia xlẽm

Ðe Biblia Ƒe Mɔfiamewo Gaɖea Vi Egbea?

AME AÐEWO AÐO EŊU BE AO. Ðɔkta aɖe gblɔ be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ le ko abe woatsɔ ƒe 1920 ƒe atikewo dodo kpɔ ŋu gbalẽ anɔ nu fiam sukuviwo egbea ene. Biblia ŋuti ɖikela aɖe ate ŋu abia be ɖe wòanya wɔ be woazã blemakɔmpiuta aɖe ƒe mɔfiagbalẽ na egbegbekɔmpiutaa? Le ame bubuwo gome la, wobu Biblia be edo xoxo eye viɖe aɖeke mele emenyawo ŋu kura o.

Esi xexea yi ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋununya me ɖe, nu ka tae ame aɖe aganɔ blemamɔfiamegbalẽ aɖe zãm? Aɖaŋuɖoɖowo kple mɔfiame gbogbo aɖewo siwo ŋu wotrɔa asi le edziedzi la bɔ ɖe internet dzi. Susuŋutinunyala bibiwo, ale si míanɔ agbee ŋutinunyalawo kple agbalẽŋlɔlawo dzena le television dzi wɔnawo me zi geɖe. Amewo ƒlea agbalẽ siwo woawo ŋutɔwo ate ŋu axlẽ azã wo me ɖaŋuɖoɖowo, eye esia wɔe be wo dzralawo le ga geɖe wɔm.

Esi wònye be àte ŋu akpɔ nyatakaka le nu sia nu si dim nèle ŋu bɔbɔe ɖe, nu ka tae wòahiã be ame natrɔ ɖe Biblia si woŋlɔ ƒe 2,000 kloe nye esi va yi la ŋu? Ke ɖe nya si ɖikelawo gblɔ be Biblia zazã egbea le abe blema atikewo dodo kpɔ ŋu gbalẽ alo blemamɔfiamegbalẽ zazã na egbegbekɔmpiuta ene la manye nyateƒe oa? Le nyateƒe me la, nuwo ŋu bubu alea mesɔ o. Dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya le tɔtrɔm kabakaba, gake ɖe amegbetɔwo ƒe nuhiahiã veviwo hã trɔa? Amewo gale ŋuɖoɖowo dim na nu si tae míele agbe ɖo, ale si woawɔ akpɔ dzidzɔ eye woanɔ dedie, nu si ana ƒomewo dome nanɔ nyuie, eye woadze xɔlɔ̃ vavãwo la kokoko.

Togbɔ be Biblia li eteƒe didi hã la, eɖo biabia mawo kple bubu geɖewo ŋu. Biblia ŋutɔ ɖo kpe edzi be mía Wɔlaa ƒe nyawoe le eme. Efiaa mɔ mí le nu sia nu me le agbe me eye wòdzraa mí ɖo be míate ŋu anɔ te ɖe kuxiwo nu. (2 Timoteo 3:16, 17) Nu si ganyo wue nye be Biblia ŋutɔ ɖo kpe edzi be emeɖaŋuɖoɖowo sɔna ɣesiaɣi eye wo nu meyina gbeɖe o! Biblia ŋutɔ gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe.”—Hebritɔwo 4:12.

Ðe Biblia ƒe nya mawo nye nyateƒea? Ðe eme nyawo do xoxo loo alo emenyawo wɔa dɔ eye woɖea vi si fia be emenyawo le agbea? Taɖodzinu si le Gbetakpɔxɔ sia si nye tata tɔxɛ siwo ava ɖe wo nɔewo yome la ƒe gbãtɔ ŋue nye be, wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe