INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp18 No. 1 axa 8-9
  • 1 Akpe Ðe Ŋuwò Nàƒo Asa Na Kuxiwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1 Akpe Ðe Ŋuwò Nàƒo Asa Na Kuxiwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • AHA TSU NONO
  • GBƆDƆDƆ MANƆSENU
  • Nukae Gblẽ le Hadzedze Ŋu?
    Nyɔ!—1998
  • Na Mawu Ƒe Susu Le Aha Sesẽ Ŋu Nafia Mɔ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Ale Si Nàƒo Nu Tso Aha Sesẽ Ŋu Na Viwò
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • 3 Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Te Ðe Kuxiwo Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
wp18 No. 1 axa 8-9
Nyɔnu aɖe si noa aha tsu tsã la va le Biblia me mɔfiamewo xlẽm fifia

1 Akpe Ðe Ŋuwò Nàƒo Asa Na Kuxiwo

Biblia gblɔ be yeƒe aɖaŋuɖoɖowo tso Mawu gbɔ, eye wònyo “na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.” (2 Timoteo 3:16) Nyateƒeea? Na míade ŋugble le ale si nunya si le Biblia me kpe ɖe amewo ŋu woƒo asa na kuxi sesẽwo hafi woava do gã ɖe edzi la ŋu.

AHA TSU NONO

Delphine, si ŋu nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me kpɔe be dzimaɖitsitsi na yeva le aha tsu nom. Biblia metsi tre ɖe ahanono ɖe ŋku ŋu la ŋu o, gake egblɔ be: ‘Mèganɔ aha tsu nolawo dome o.’ (Lododowo 23:20) Aha tsu nono hea lãmesẽkuxi sesẽwo vɛ, egblẽa nu le ƒomewo ŋu eye wònana ame geɖe kua kukpo ƒe sia ƒe. Ne amewo wɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo si me nunya le dzi la, woaƒo asa na kuxi siawo dometɔ geɖe.

Nu siae Delphine wɔ. Egblɔ fifia be: “Mekpɔe be ahanono meɖe nye dzimaɖitsitsia ɖa o. Eya ta mewɔ ɖe nya si me nunya le si dze le Filipitɔwo 4:6, 7, si gblɔ be: ‘Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ . . . mina Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo’ la dzi. Ne dzimaɖitsitsi na metsi zãdomadɔlɔ̃e la, meƒoa koko na Yehowa. Megblɔa nu siwo do dziku nam, nu siwo na mele veve sem kple nu siwo na metsi dzi la katã nɛ, eye meɖea kuku nɛ be wòana nye susu nadze akɔ anyi. Ne ŋu ke la, mekpɔa egbɔ be meɖe nu mawo ɖa kura le susu me. Esia kpena ɖe ŋunye metsɔa nye susu ɖoa nu siwo le asi nye dzi, ke menye nu siwo bu nam la dzi o. Meɖoe be nyemagano aha azɔ o. Ŋutifafa si su asinyea xɔ asi nam ale gbegbe be nyemedi be wòage le asinye o.”

GBƆDƆDƆ MANƆSENU

Nu siwo hea dzigbagbã kple tɔtɔ vɛ ŋutɔ ƒe ɖekae nye gbɔdɔdɔ manɔsenu. Gake Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsri nuwo abe, ahiãmoɖoɖo kple amamaɖeɖenuwɔna siwo ate ŋu ana míava ƒo mía ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, eye wòahe dzigbagbã vɛ la. Samuel si nye ɖekakpui aɖe gblɔ be: “Ele bɔbɔe be woaɖo ahiãmo. Ɣeaɖewoɣia nyɔnu aɖe ƒe nu mado dzidzɔ nam ya o, gake mekpɔnɛ be nye nu do dzidzɔ na nyɔnua ya, eye ema wɔnɛ be meɖoa ahiãmo bɔbɔe.” Samuel va kpɔe be amewo tsoa ye nu be yeɖoa ahiãmo enuenu, eye esia wɔe be yeva nɔa ahiãmo ɖom azɔ naneke maɣlamaɣlae, nenye be yemeɖoe be yeawɔe o hã. Gake nuwɔna sia ɖea fu nɛ. Fifia egblɔ be, “Afɔkue wònye, elabe enye ame ɖokui tɔ didi.”

Samuel xlẽ nyati aɖe si wota na sɔhɛwo la le internet dzi le jw.org, eye wòde ŋugble le Lododowo 20:11 ŋu. Afi ma gblɔ be: “Ðevi sue gɔ̃ hã [alo, “ŋutsuvi,” etenuŋɔŋlɔ] ƒe nuwɔnawoe wotsɔna dzea sii be eƒe agbenɔnɔ dza eye wòsɔ.” Aleke wòɖe vi nɛ? Samuel va kpɔe be yeƒe ahiãmoɖoɖoa medza o eye mesɔ hã o. Fifia egblɔ be: “Meva srɔ̃e be ɖekakpui si ɖoa ahiãmo la le dzo ƒlɔm ɖe nu siwo ava gblẽ nu le eƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu la te. Meva nɔ ale si nyɔnu si mava ɖe le etsɔme ase le eɖokui me ne mele ahiãmo ɖom na nyɔnu bubu la kpɔm dze sii. Esia na meva kpɔe be afɔku le nu si wɔm mele la me. Ne ahiãmoɖoɖo le bɔbɔe hã mefia be esɔ o.” Samuel trɔ nɔnɔme. Esi wòtsri ahiãmoɖoɖo ta la, ekpe ɖe eŋu wòƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu.

Antonio ya ƒo eɖokui ɖe nu siwo ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòage ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe mɔ̃ me la me. Amaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va mɛ ŋutɔ. Togbɔ be srɔ̃ nɔ esi eye wòlɔ̃e vevie hã la, eganɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm edziedzi. Antonio gblɔ be 1 Petro 5:8 me nyawo ŋu bubu kpe ɖe ye ŋu. Afi ma gblɔ be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ! Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.” Antonio gblɔ be: “Amamaɖeɖefotowo bɔ ɖe míaƒe xexea me eye foto mawo ate ŋu atsi susu me na ame. Kpukpui ma kpe ɖe ŋunye mebu afi si tetekpɔ mawo tsona la ŋu. Ele be maɖe afɔ kaba ne nye ŋku kli amamaɖeɖefoto aɖe ahanya enumake be Abosam gbɔe wòtso. Fifia meva kpɔe be Yehowa ɖeɖe koe ate ŋu akpe ɖe ŋunye be ‘manɔ mo xexi eye manɔ ŋudzɔ’ ale be mate ŋu awɔ avu kple tetekpɔ mawo le nye susu, dzi kple nye srɔ̃ɖeɖea me.” Wona kpekpeɖeŋu si Antonio hiã lae, eya ta ete ŋu ɖe asi le nɔnɔme gbegblẽa ŋu mlɔeba. Esia kpe ɖe eŋu wòte ŋu ƒo asa na kuxi sesẽ siwo ate ŋu ado mo ɖa hafi.

Edze ƒãa be mɔfiame nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na kuxi sesẽwo la le Biblia me. Gake le kuxi siwo li xoxo eye wole gã dom ɖe edzi ya gome ɖe? Na míakpɔ ale si Mawu ƒe Nya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kuxi sesẽ siawo gbɔe la ɖa.

Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo tso Biblia me la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na kuxiwo

Nyɔnu aɖe le aha vivi nom
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe