Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Nukae Gblẽ le Hadzedze Ŋu?
“Nukatae Míesusuna Be Ŋutsuha Alo Nyɔnuha Dede Nye Alakpanuwɔwɔ Alo Amebeble Alo Nu Gbegblẽ? Mele Nenema o! Fefe Koe! Fefe Si Vivina Na Akpa Eveae Wònye, Elabena Èle Dzidzɔ Dom Na Ame Evelia.”—Susan Rabin, Hadzedzefialawo ƒe Ŋgɔnɔla, New York City.
AME geɖe bunɛ be ŋutsuha alo nyɔnuha dede sɔ, naneke megblẽ le eŋu o, eye be kura gɔ̃ hã ehiã hena ame nɔewo dome kadodo ɖoɖo anyi kple etutu ɖo. Wota agbalẽ kple magazine nyati gbogbo aɖe nyitsɔ laa sia le Ɣetoɖoƒedukɔwo me le eŋuti, eye eŋuti nusɔsrɔ̃ tɔxɛwo li siwo fiaa nuwɔna, tsitrenɔnɔ, amekpɔkpɔ, kple ahiãmoɖoɖo siwo katã nye “hadzenuwɔwɔ.”
Nukae nye hadzedze, ŋutsuha alo nyɔnuha dede? Gɔmeɖeɖe kple gɔmesese vovovowo le eŋu. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe egɔme be “lɔlɔ̃ alo gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nyɔnyɔ ɖe ame me [nuwɔna] si nye fefe.” Nyagɔmeɖegbalẽ bubu ɖe egɔme be “nuwɔna si anyɔ dzodzro ɖe ame me tsɔtsɔ wɔ fefee.” Eyata edze abe susu si dzi ame geɖe lɔ̃ ɖoe nye be hadzelae nye amesi nyɔa dzodzro ɖe ame me evɔ menye ɖe wòbe yeaɖee o ene. Ðe wòle be woabu hadzedze be enye nuwɔna si me afɔku mele oa? Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le hadzedze ŋu?a
Togbɔ be womeyɔ hadzedze tẽ le Ŋɔŋlɔawo me o hã la, míate ŋu anya Mawu ƒe nukpɔsusu le eŋu. Alekee? To Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe nya ma ŋu la me dzodzro me. Esia wɔwɔ na ‘míatu míaƒe sidzedze ŋutete ɖo be míade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14) Gbã la, mina míakpɔe ɖa be enyo be srɔ̃tɔwo naƒo wo ɖokui ɖe hadzedze me hã.
Ne Srɔ̃tɔe Amea Nye
Enye nusi le dzɔdzɔme nu be srɔ̃tɔwo nafe kple wo nɔewo lɔlɔ̃tɔe le woawo ɖeɖe dome. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 26:8.) Gake nuwɔwɔ ɖe ame bubu siwo menye ame srɔ̃ o ŋu nenema mesɔ ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu o. Yehowa ɖoe be srɔ̃tɔwo nase vivi le ƒomedodo kplikplikpli si me kaka ɖe ame nɔewo dzi le me. (Mose I, 2:24; Efesotɔwo 5:21-33) Ebua srɔ̃ɖeɖe ƒomedodo kɔkɔe si anɔ anyi ɖaae. Maleaxi 2:16 gblɔ le Mawu ŋu be, ‘Elé fu srɔ̃gbegbe.’b
Ðe srɔ̃tɔ ƒe ŋutsuha alo nyɔnuha dede sɔ kple nusi nye Mawu ƒe nukpɔsusu le srɔ̃ɖeɖe ŋua? Ŋkubiãnyae wònye elabena srɔ̃tɔ si nye hadzela la mede bubu alesi Mawu bu srɔ̃ɖeɖe nu kɔkɔe ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, Efesotɔwo 5:33 de se na Kristotɔ srɔ̃ŋutsu be ‘wòalɔ̃ srɔ̃anyɔnu abe eya ŋutɔ ɖokui ene’ eye nyɔnua hã “nasi srɔ̃a ɖa.” Ðe hadzedze si dea ŋuʋaʋã ame me fia ame srɔ̃ lɔlɔ̃ alo bubudede eŋua?
Vevietɔ wu la, hadzedze ate ŋu ana woawɔ ahasi, esi nye nuvɔ̃ si Yehowa gblɔ tẽ be yetsri eye wògblɔ be enye nuteƒemawɔmawɔ. (Mose II, 20:14; Mose III, 20:10; Marko 10:17-19) Le nyateƒe me, Yehowa bu ahasiwɔwɔ ŋkubiãnyae ale gbegbe be eɖe mɔ woate ŋu anɔ te ɖe edzi agbe amesiwo mewɔ nuteƒe le woƒe srɔ̃ɖeɖe me o. (Mateo 5:32) Ke ɖe míate ŋu asusui be Yehowa ada asi ɖe fefe si me afɔku le alea gbegbe si nye hadzedze la dzia? Abe alesi dzila si lɔ̃a viawo maɖe mɔ be via sue nafe kple hɛ ɖaɖɛ o ene la, nenema ke Mawu hã maɖe mɔ ɖe eŋui o.
Biblia xlɔ̃ nu le ahasiwɔwɔ ŋu be: “Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã? Alo ɖe ame aɖe azɔ dzoka xɔxɔ dzi, eye eƒe afɔ nagbe fiafiã? Alea ke wòanɔ na amesi de ehavisrɔ̃ gbɔe; amesiame, si de asi eŋu la, matsi to mahemahe o.” (Lododowo 6:27-29) Gake ne ahasiwɔwɔ medo tso eme o gɔ̃ hã la, srɔ̃tɔ si nye hadzela la, le nya bubu dim na eɖokui—ele nusi woyɔna be “ahiãwɔwɔ le dzi me” la me.
Gbɔdɔdɔ ƒe Seselelãmewo
Ame aɖewo dzea xɔ̃ kple amesiwo menye wo srɔ̃wo siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo ɖe wo me, togbɔ be womedɔa wo nɔewo gbɔ ŋutɔŋutɔ ya o. Gake Yesu xlɔ̃ nu be: ‘Amesiame si ke nɔa nyɔnu kpɔkpɔ dzi kakaka wòdzronɛ la wɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.’ (Mateo 5:28) Nukatae Yesu tsi tre ɖe dzodzro si tsi ame ƒe dzi me ko ŋu?
Nusiwo tae ƒe ɖee nye be “dzi mee . . . ahasiwɔwɔ doa go tsona.” (Mateo 15:19) Gake afɔku le ƒomedodo ma me ne meyi edzi ɖo afisi ahasiwɔwɔ age ɖe eme o hã. Le mɔ ka nu? Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso nyati sia ŋu ɖe nu me be: “Nuwɔna alo ƒomedodo ɖesiaɖe si axɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ fũ akpa le srɔ̃wò gbɔ nɔnɔ me la nye nuteƒemawɔmawɔ ƒomevi aɖe.” Ẽ, ahasiwɔwɔ le dzi me xɔa ɣeyiɣi, beléle kple lɔlɔ̃ si woatsɔ na ame srɔ̃ le esi. Le Yesu ƒe sedede be míawɔ nu kple amewo alesi míedi be woawɔ ɖe mía ŋui nu la, anyo be srɔ̃tɔ si dea ŋutsu alo nyɔnuha la nabia eɖokui se be, ‘Aleke mase le ɖokuinye me ne srɔ̃nye wɔ nu ɖe ame bubu ŋu nenema?’—Lododowo 5:15-23; Mateo 7:12.
Ne seselelãme ƒe ƒomedodo madzemadze sia le ame aɖe kple ame bubu dome la, nukae wòle be newɔ? Srɔ̃tɔ si wo kple ame bubu dome seselelãme ƒe ƒomedodo masɔmasɔ le la le abe ʋukula si le alɔ̃ dɔm le ʋu ƒe kuɖɔɖoti nu ene. Ele be wòanyɔ le eɖokui me atso kpla aɖɔ nuwo ɖo hafi eƒe srɔ̃ɖeɖe kpakple wo kple Mawu dome ƒomedodo me nagblẽ. Yesu wɔ alesi wòhiãe be amea naɖe afɔ kpata la ƒe kpɔɖeŋu esi wògblɔ be woaho nusi xɔ asi na ame abe ŋku ene kura gɔ̃ hã le tome alo woalã ame ƒe asi ɖa ne agblẽ ame ƒe tenɔnɔ nyui kple Mawu me.—Mateo 5:29, 30.
Eyata nunya anɔ eme be nàɖe alesi nèkpɔa ame ma edziedzii kple afisiwo nèkpɔnɛ le dzi akpɔtɔ. Dze agbagba ɖesiaɖe be mia kple ame ma ɖeɖe míagaɖe mía ɖokui ɖe aga o, eye ne dɔwɔƒee la, ke lé ŋku ɖe wò dzeɖoɖo kplii ŋu. Ahiã kura gɔ̃ hã be nàtso kadodo ɖesiaɖe me kple amea. Emegbe ele be amea nàɖɔ ŋu ɖo vevie le nusiwo wòkpɔna, eƒe tamesusuwo, kple eƒe nuwɔna ŋu. (Mose I, 39:7-12; Psalmo 19:15; Lododowo 4:23; Tesalonikatɔwo I, 4:4-6) Hiob, amesi nye srɔ̃tɔ la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi esi wògblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?”—Hiob 31:1.
Edze kɔte be afɔku le eme be srɔ̃tɔ nadze ame dzeha eye mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu nenema o. Gake nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le trewo ƒe ŋutsu alo nyɔnuha dede ŋu? Ðe wòsɔ be woabui be enyo, naneke megblẽ le eŋu o alo ehiã na ŋutsu kple nyɔnu dome ƒomedodoa? Ðe wòate ŋu anye afɔku ŋutɔŋutɔa?
Ke Trewo Ðe?
Naneke megblẽ be ame eve siwo nye trewo ƒe nu nadzɔ dzi na wo nɔewo o, ne ɖe woɖoe be yewoaɖe yewo nɔewo eye womewɔ makɔmakɔnyenyenu aɖeke o ko. (Galatiatɔwo 5:19-21) Ame ƒe nulédziname ma ate ŋu adze le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ƒe gɔmedzedze, esime dzesi boo aɖeke medze be woƒe srɔ̃ɖeɖea adze edzi alo madze edzi o. Esia menye nu gbegblẽ le eɖokui si o ne susu nyui ye le wo si. Menye hadzedzee nɔnɔme ma nye o.
Ke ne trewo ɖea lɔlɔ̃dzesiwo fiaa wo nɔewo be yewoatsɔ ado dzidzɔ ko na yewo ɖokui ya ɖe? Esi womeɖe srɔ̃ o ta, adze nusi me afɔku mele o. Gake de ŋugble le alesi wòate ŋu ade abi ame ƒe seselelãme ŋui la ŋu. Ne wotsɔ hadzela la ƒe nuwɔna la nu ŋutɔŋutɔe wu alesi wòsusui la, ate ŋu ahe vevesese helĩhelĩ kple dzigbagba vɛ. Aleke gbegbe Lododowo 13:12 me nya siwo gblɔ be, “Lala vivi vo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wònye” la nye nyateƒe enye si! Ne ame evea gblɔ be yewose nu gɔme na yewo nɔewo be menye nu woatsɔ nu vevii ye yewoƒe ƒomedodoa nye o hã la—ɖe wo dometɔ aɖe ate ŋu anya alesi tututu nɔvia le bubum alo le sesem le eɖokui mea? Biblia ɖo eŋu be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?”—Yeremya 17:9; tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:4.
De ŋugble le afɔku si nye matrewɔwɔ, si me tsonuwo ate ŋu anye dɔléle alo gbɔmeyafufɔfɔ hã ŋu kpɔ. Ŋɔŋlɔawo tsri matrewɔwɔ, eye Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ manɔ amesiwo ɖonɛ wɔna dzi o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo nunyatɔe be bene woaɖu tetekpɔ dzi la, ele be ‘woawu woƒe ŋutinu, siwo nye ahasiwɔwɔ,’ eye woatsri “nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie” si kplɔ ame yia matrewɔwɔ mee la. (Kolosetɔwo 3:5; Tesalonikatɔwo I, 4:3-5) Eɖo aɖaŋu le Efesotɔwo 5:3 tso matrewɔwɔ ŋu be “womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã” be wòanyɔ dzodzro vɔ̃ ɖe ame me o. Hadzedze mewɔ ɖeka kple aɖaŋuɖoɖo sia o. Mawu tsri dzeɖoɖo matuameɖo tso gbɔdɔdɔ ŋu kura gɔ̃ hã.
Biblia ƒe gɔmeɖosewo ɖee fia be hadzedze ate ŋu anye ŋutasesẽ le ame haviwo ŋu, eye medea bubu Yehowa, srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila ŋu o. Nyateƒee, susu kple lɔlɔ̃ le Biblia ƒe nukpɔsusu le hadzedze manyomanyo ŋu me, elabena ekpɔa amewo ta tsoa nuveviwɔame me. Eyata ele be amesiwo lɔ̃ Mawu naɖe wo ɖokui ɖa tso hadzedze manyomanyo gbɔ eye woawɔ nu kple ŋutsu alo nyɔnu le dzadzɛnyenye kple bubu me.—Timoteo I, 2:9, 10; 5:1, 2.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Mele be míabu xɔlɔ̃wɔwɔ alo hadede kple amewo si ŋu gbɔdɔdɔ ƒe susu aɖeke mekpe ɖo o la be wo kple hadzedze nye nu ɖeka o.
b Kpɔ nyati si nye “Srɔ̃gbegbe Ka Ƒomevie Mawu Lé Fui?” si dze le April 8, 1994, ƒe Nyɔ! me.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]
© The Curtis Publishing Company