INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp18 No. 3 axa 3
  • “Nu Ka Tae Mawu Zi Kpi?”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nu Ka Tae Mawu Zi Kpi?”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidzɔ Kple Yayra Siwo Mekpɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Wò Fɔmaɖimaɖi Doa Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Wòle Be Maʋu Ayi Dukɔ si Nuwo Dze Edzi na Wu Mea?
    Nyɔ!—1993
  • Ðe Ame Aɖe Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
wp18 No. 3 axa 3
Ame aɖewo le nu xam eye wolé bosomikaɖiwo ɖe asi

“Nu Ka Tae Mawu Zi Kpi?”

“MEBIANA ZI GEÐE BE: NU KA TAE MAWU ZI KPI?”— Nya mae Papa Benedict XVI gblɔ esi wòɖi tsa yi afi si nye fuwɔamegaxɔ tsã le Auschwitz, Poland.

NE AFƆKUWO DZƆ LA, ÐE NÈNƆA ÐOKUIWÒ BIAM BE ‘NU KA TAE MAWU ZI KPI?’ ALO ÐE NUDZƆDZƆ GBÃDZINAME AÐE SI DZƆ ÐE DZIWÒ LA NA NÈBU BE MAWU METSƆ ÐEKE LE EME NA YE OA?

Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me abe Sheila si le Amerika ene. Ƒome si me tɔwo doa vevie mawusubɔsubɔ me wonyii le, egblɔ be: “Menya Mawu tso ɖevime be eyae nye mía Wɔla. Ke hã mebui be ele adzɔge tso gbɔnye. Menya be èléa ŋku ɖe ŋunye, gake tso adzɔge. Menya be Mawu melé fum ya o, gake nyemexɔe se be etsɔa ɖe le eme nam o.” Nu ka tae Sheila meka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ ye o? Egblɔ be: “Afɔkuwo dzɔ ɖe míaƒe ƒomea dzi tri ɖe enu, eye edze abe Mawu menɔ kpekpem ɖe mía ŋu le mɔ aɖeke nu o ene.”

Ðewohĩ èxɔe se be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la li abe Sheila ke ene. Gake anɔ wɔwɔm na wò be ɖe Mawu tsɔa ɖe le eme na ye nyateƒe hã? Ame dzɔdzɔe Hiob si xɔe se be ŋusẽ kple nunya le Wɔlaa si hã, ke ɖi. (Hiob 2:3; 9:4) Esi afɔkuwo dzɔ ɖe Hiob dzi tri ɖe enu, eye wòdze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o ene la, ebia Mawu be: “Nu ka tae nèɣla wò ŋkume ɖem, eye nèle buyem wò futɔe?”​—Hiob 13:24.

Nya kae Biblia gblɔ? Ðe wòle be míabu fɔ Mawu ne afɔku aɖe dzɔa? Ðe kpeɖodzi aɖe li be Mawu tsɔa ɖe le eme na amegbetɔwo katã kple mía dometɔ ɖe sia ɖea? Ðe míate ŋu agblɔ ŋutɔŋutɔ be, Mawu nya mí, sea nu gɔme na mí, sea veve ɖe mía nu eye wòkpena ɖe mía ŋu le míaƒe kuxiwo mea?

Le nyati siwo kplɔ esia ɖo me la, míadzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Mawu léa be na mí to eƒe nuwɔwɔwo dzi la me. (Romatɔwo 1:20) Eyome míadzro nu si Biblia gblɔ tso ale si Mawu léa be na mí la me. Zi ale si ‘míeva le Mawu nyam’ to eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe Nya la dzi la, ana míaka ɖe edzi be ‘eléa be na mí.’​—1 Yohanes 2:3; 1 Petro 5:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe