Sɔhɛwo Biana Be
Ðe Wòle Be Maʋu Ayi Dukɔ si Nuwo Dze Edzi na Wu Mea?
TARA ʋu tso wo dedukɔ Trinidad me, Sheila dzo le Jamaica, eye Erick hã ʋu le Suriname. Sɔhɛ etɔ̃ siawo katã ʋu yi dukɔ si nuwo dze edzi na wu me. Nukatae?
Tara ɖe eme be: “Nusiwo míekpɔna le magazinewo me kple television dzi wɔa dɔ ɖe mí Trinidad-sɔhɛwo dzi ŋutɔ.” Nublanuitɔe la, esia naa United States kple dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo bubuwo dzena na mí abe teƒe siwo nyo kakaka ene.”
Sheila hã gblɔ nya sia tɔgbe ke be: “Meɖo ŋku edzi be wogblɔ nam kpɔ be dɔwɔna kple sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔwo bɔ ɖe afima.” Gake egagblɔ kpee be: “Nyemenya nusita amesiwo de du siawo me kpɔ megblɔa nya la ƒe akpa bubu siwo menyo o na mí o. Ðewohĩ woanɔ ŋu kpem be woagblɔ be nɔnɔmea menyo de alesi yewobui nu o.”
Amewo gakpɔtɔ le ʋuʋum yi dukɔ bubuwo me kokoko. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Los Angeles Times ƒe nyatakaka ɖee fia be tso ƒe 1980 va ɖo 1990 me la, amesiwo ʋu yi dukɔ bubuwo me ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve eye wogale mɔ kpɔm be kaka ƒe 2000 na ɖo la agadzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Amesiwo wu 700,000 ʋuna yia United States ƒe sia ƒe. Eye amesiwo wu 50,000 hã ʋuna yia Australia, Canada, Côte d’Ivoure, kple Saudi Arabia dukɔawo dometɔ ɖesiaɖe me ƒe sia ƒe, eye agbenɔnɔ ƒe nyonyo ko dim wo dometɔ geɖe le.
Ne dukɔ dahe alo esi le ŋgɔ yim mee nèle la, ke wò hã anya bu eŋu kpɔ ne yeava se vivi le dukɔ deŋgɔ mawo dometɔ aɖe me gbaɖegbe. Nyametsotso sesẽ ŋutɔe nye esia. Aleke nàte ŋu awɔ tiatia nyuitɔe?
Mègawɔ Wò Nyametsotsoa Dzitsitsitɔe O
Surinametɔ aɖe si ŋkɔe nye Erick gblɔ be mele be nàwɔ nu le dzitsitsi me o ke boŋ ele be nàbia nuwo me tsitotsito do ŋgɔ. Egblɔ be: “Ƒome geɖe me tɔwo le dukɔ deŋgɔ mawo me eyata ele be nàbia alesi nɔnɔmea le ahase nyateƒea tso alesi tututu woƒe ganyawo le ŋu nyuie.”
Hafi nàtso nya me la ɖo ŋku edzi be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.” (Lododowo 15:22) Eyata gblɔ nusiwo ŋu nèwɔ tiatia le na dziwòlawo, Kristotɔ hamemegãwo, kple ame bubu siwo si nuteƒekpɔkpɔ le eye wotsɔ ɖe le eme na wò la faa.
Mègaxɔ Nya sia Nya Dzi Se O
Ne èse nya nyuiwo tso dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo siwo le didiƒe ŋu la, anyo be nàbu eŋu ayi ŋgɔ vie. Lododo si me nunya le aɖe gblɔ be: “Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.
Sheila si le Jamaica gblɔ be: “Nye Eŋlisigbefiala te tɔ ɖe edzi nam be nu nyuitɔ kekeake si mawɔ koe nye be maʋu ayi United States. Ame tsitsi aɖewo hã gblɔ nam be ne meyi Canada, United States, alo England la, dɔwɔna ka kee metia be mawɔ o nu adze edzi nam wu. Kpuie ko la, anye bometsinu be magbe mɔnukpɔkpɔ ma ƒomevi .”
Ðe eƒe ʋuʋu yi United States ɖe vi nɛ ŋutɔŋutɔa? “Ele eme be nɔnɔmea nyo le go aɖewo me ya, gake xɔ̃nye siwo tsi Jamaica hã ƒe nɔnɔmewo nyo ɖe edzi. Abe alesi wòle ene la, àsi le kuxi aɖe nu age ɖe bubu me. Afisi nèʋu yi ƒe nɔnɔmeawo mato vovo boo o.”
Tara si ʋu tso Trinidad yi United States lɔ̃ ɖe edzi be: “Amewo ƒoa nu le dukɔ siwo nuwo dze edzi na ŋu abe du siwo me mɔkpɔkpɔ asu asiwò le be—nàde suku, awɔ dɔ, akpɔ ga geɖe ahanɔ agbe si me dzidzɔ le la ene. Gake fiafia la, ʋuʋula geɖewo le ekpɔm be ɖeko nɔnɔmeawo le gbegblẽm le afisiafi. Wo dometɔ aɖewo trɔ gbɔ va aƒe.”
Bu Vi si Wò Ʋuʋu Aɖe Kple Nusi Wòagblẽ la Ŋu
Be nàwɔ nyametsotso nyui la, mègade ŋugble le kesinɔnu siwo bɔ ɖe dukɔ bubuwo me ŋuti nyanyui siwo wogblɔ na wò ɖeɖeko ŋu o. Bu nu nyui kple nu gbegblẽ siwo ate ŋu ado tso eme ne èʋu yi la ŋu—le ganyawo, hadomegbenɔnɔ, agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmenuwo gome.
Le kpɔɖeŋu me, ganyawo ate ŋu anɔ sesẽm le afisi nèle. Gake ɖe dɔwɔɖui ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖeke mele mia gbɔ oa? Tara gblɔ be: “Dɔmakpɔwɔe bɔ ɖe mía de, vevietɔ le amesiwo mede suku yi ŋgɔ o gome.” Eyata eʋu dzo; nɔviaŋutsuwo tsi aƒe. “Nye tsɛ ŋutsuvi eveawo vasrɔ̃ atikpakpa kple avɔtɔtɔ ɖe zikpuiwo ŋu. Wole dɔ wɔm le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo fifia eye amesiwo kpɔa dzidzɔ ɖe woƒe dɔwɔwɔ ŋu naa dɔ geɖe wo. Ðewohĩ nɔnɔmea de wo dzi le aƒe wu tɔnye le ‘dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo sia me.’”
Ne èʋu la, alesi wo nɔa agbe le afima awɔ mo yaa na wò, ɖewohĩ ate ŋu anye le alesi womebua agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose siwo le vevie na wò la ɖe naneke me o. Ðe wòahiã be nàʋu ahage ɖe afɔku ma mea? Hekpe ɖe eŋu la, ŋutilãmenuwo didi vivivo do agbogbo ɖe dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo mawo me. Aleke ema ate ŋu agblẽ nu le wò gbɔgbɔmemenyenye ŋui?
Nusɔsrɔ̃ tso Vodada si Esau Wɔ Me
Esau si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me mete ŋu wɔ nyametsotso si ade edzi kple esi made edzi o la nyuie o. Mete ŋu bu nu veviwo ŋu nyuie zi geɖe o—esiwo nye eƒe gbɔgbɔmemenyenye kple eƒe ƒomea tɔ. Le ema ta la, nyametsotso gãtɔ siwo wòwɔ la dometɔ aɖewo zu dzɔgbevɔ̃ewo sɔŋ.
Biblia xlɔ̃ nu le ‘amesi mekpɔa ŋudzedze ɖe nu kɔkɔewo ŋu abe Esau o ene, amesi tsɔ ye ŋutɔ ƒe ŋgɔgbedzidzi ɖɔ li le nuɖuɖu zi ɖeka ta’ la ŋu. (Hebritɔwo 12:16) Ŋgɔgbedzidzi sia nye nu kɔkɔe. Mawu tsɔ mɔnukpɔkpɔa na Esau ƒe ƒomea be woanɔ ƒome si me Mesia si dzi ameƒomea katã ato akpɔ ɖeɖe ado tso la dome. (Mose I, 22:18) Gake “Esau tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒle.” Elɔ̃ faa tsɔe ɖɔ li abolo kple bɔbɔ! (Mose I, 25:30-34) Ƒomedodo kple Wɔwòlae nye kesinɔnu kɔkɔetɔ kekeake. Mègaɖɔ lii, aŋe aɖaba ƒu edzi, alo adee afɔku me ɖe ŋutilãmenu aɖeke ta o.—Marko 12:30.
Emegbe esi Esau ʋu le afisi wòtsi ɖo yi anyigba bubu dzi la, eɖe Xiti-nyɔnu eve. Srɔ̃ɖeɖe siawo adze nusi ŋu naneke megblẽ le o le susu aɖe ta, gake kuxi sɔŋ ko wohe vɛ le gbɔgbɔ me elabena nyɔnuawo mesubɔa Isak kple Rebaka, Esau dzilawo ƒe Mawu la o. Srɔ̃awo “zu nuxaxa gã aɖe na edzilawo.”—Mose I, 26:34, 35.
Ebɔ ɖe sɔhɛwo dome be woɖea srɔ̃ ko be yewoakpɔ mɔnu ayi dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo me. Woka nya ta be le India la srɔ̃tɔ 4,000 ʋuna tsoa afima yia United States ƒe sia ƒe, eye wogabui hã be wo dometɔ 10,000 le klalo be yewoadzo. Gake nunana xɔasie srɔ̃ɖeɖe nye tso Mawu gbɔ. Womewɔe be woaɖi gbɔe, azãe ko abe mɔ si dzi woato aʋu ayi anyigba bubu dzi ene o. Gabu alesi wòate ɖe Yehowa kple wò ƒometɔ wɔnuteƒeawo dzii ne ava wɔ ‘ɖeka kple dzimaxɔsetɔ aɖe’ la ŋu.—Korintotɔwo II, 6:14.
Wɔ Nyametsotso Nyuitɔ
Ðewohĩ alesi nèwɔa wò nyametsotso ŋudɔe la anɔ vevie wu nyametsotsoa ŋutɔ wɔwɔ. Èʋu alo mèʋu o, nusi le vevie nye be nàwɔ nyametsotso si nèwɔ la ŋudɔ nyuie.
Ne mèʋu o: Mègaɖe ɖeklemi amesiwo ʋuna o. Woƒe agbae nyametsotso si wowɔ la nye. (Romatɔwo 14:4; Galatiatɔwo 6:4, 5) Srɔ̃ alesi nàkpɔ ŋudzedze ɖe mia dedu ƒe nyonyo kple nu nyui tɔxɛ siwo le eme la ŋu. Lɔ̃ mia dedukɔ me tɔwo ɖe edzi eye nàse woƒe fukpekpewo kple kuxiwo gɔme na wo.
Ne èʋu: Esi nèle agbenɔnɔ kple ɖewohĩ gbegbɔgblɔ yeyewo srɔ̃m la, tia nusiwo le vevie na wò wu la nunyatɔe. Mègana dɔwɔwɔ ɣeyiɣi didi be wò asi nasu ŋutilãmenu siwo ɖewohĩ womehiã wò tsã o la nable wò o. Ne menye nenema o la, eteƒe madidi o màgakpɔ vovo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o.
Sheila gblɔ be: “Dɔwɔɖui ƒe amesinɔnɔ le xexeame egbea le vevie ŋutɔ. Gake ƒomea, xɔlɔ̃wo, kple gbɔgbɔmenuwo le vevie wu. Woawoe léa mí ɖe te ne nu bubuawo do kpo nu.” Biblia la xlɔ̃ nu mí nunyatɔe be: “Míagawɔ [xexeame] ŋuti dɔ bliboe o; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.” (Korintotɔwo I, 7:31) Amesiwo kpɔa dzidzedze vavã la tsɔa woƒe dɔwo kple ganyawo ɖoa wo nɔƒe pɛpɛpɛ—woɖonɛ teƒe evelia na ƒomea ƒe nuhiahiãwo kple gbɔgbɔmenudidiwo.
Tia xɔwò yeyewo nyuie. Erick gblɔ be: “De ha kple xɔlɔ̃ siwo nɔa agbe si atu wò ɖo la ko.”
Ðo Ŋku Nusiwo Tututu Hiã Wò la Dzi
Nusiwo hiã mí ŋutɔŋutɔ hafi míakpɔ dzidzɔ metrɔna o. Sheila de dzesii be: “Eɖanye afikae míeɖale o, nusiwo Yehowa di tso mía si metrɔ o. Woawoe nye kawo? Yesu gblɔe kpuie be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me.’ ‘Mègatsi dzi’ ɖe nuɖuɖu kple nudodo geɖe kpɔkpɔ ŋu o. Di ‘Fiaɖuƒe la kple [Mawu] ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.’—Mateo 5:3; 6:31, 33
Gɔmeɖose siawo ŋudɔwɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe si nyo wu le dukɔ ɖesiaɖe me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]
Dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo ate ŋu adze na ame nyuie wu alesi tututu wole