INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 1 axa 15
  • Vi Kae Wòaɖe Na Wò Ne Èva Nya Mawu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vi Kae Wòaɖe Na Wò Ne Èva Nya Mawu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nu Kawoe Nàwɔ Be Nànya Mawu Nyuie?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mawue Nye Xɔlɔ̃ Nyuitɔ Kekeake Si Nàte Ŋu Adze
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Agbenɔnɔmɔ Bubu Aɖeke Megali Si Nyo Wu Esia O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 1 axa 15
Amewo le vivi sem le Paradiso me

Vi Kae Wòaɖe Na Wò Ne Èva Nya Mawu?

Le nyati siawo me la, míesrɔ̃ nu siwo kpe ɖe mía ŋu míeɖo nyabiase si nye Ame Kae Nye Mawu? la ŋu. Gbã la, míekpɔe le Biblia me be eŋkɔe nye Yehowa, eye lɔlɔ̃e nye eƒe nɔnɔme vevitɔ. Míekpɔ nu siwo wòwɔ kple nu siwo wòava wɔ be wòaɖe vi na amegbetɔ siwo nye eƒe nuwɔwɔwo. Togbɔ be nu geɖewo li nàgasrɔ̃ tso Mawu ŋu hã la, ànya nɔ ɖokuiwò biam be vi kae wòaɖe nam ne meva nya Mawu?

Yehowa do ŋugbe be ‘Ne èdi ye la, ekema yeana nàke ɖe ye ŋu.’ (1 Kronika 28:9) Bu ale si wòaɖe vi na wò ne èdi Mawu eye nèva nyae ŋu kpɔ, awɔe be ‘tsi mato wò kplii dome o.’ (Psalmo 25:14) Ne wò kple Mawu dome le kplikplikpli la, vi kae wòaɖe na wò?

Àkpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Woɖɔ Yehowa be enye “Mawu dzidzɔtɔ.” (1 Timoteo 1:11) Ne ète ɖe Mawu ŋu eye nèle eƒe nɔnɔmewo srɔ̃m la, ana nàkpɔ dzidzɔ vavãtɔ, àɖe dzi ɖi, wò susu adze akɔ anyi eye wòadze le ŋuwò hã. (Psalmo 33:12) Akpe ɖe ŋuwò hã be nàtsri nuwɔna siwo agblẽ nu le ŋuwò, nàtu nɔnɔme nyuiwo ɖo, eye nàna wò kple amewo dome nanɔ nyuie. Ne èwɔ nu siawo la, àkpɔ dzidzɔ. Àva lɔ̃ ɖe nya si Psalmowo ŋlɔla aɖe gblɔ la dzi be: “Enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu.”—Psalmo 73:28.

Eƒe ŋku anɔ ŋuwò, akpɔ wò nuhiahiãwo gbɔ. Yehowa do ŋugbe na esubɔlawo be: “Nye ŋku anɔ ŋuwò eye maɖo aɖaŋu na wò.” (Psalmo 32:8) Esia fia be Yehowa ƒe ŋku nɔa esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye wòkpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo ɖekaɖeka. (Psalmo 139:1, 2) Ne èna wò kple Yehowa dome le nyuie la, àva kpɔe be eli kpli ye ɣesiaɣi.

Etsɔme nyui aɖe asu asiwò. Tsɔ kpe ɖe ale si Yehowa Mawu le kpekpem ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzɔ eye wò dzi nadze eme le agbe me fiafia ŋu la, ana etsɔme nyui aɖe hã nasu asiwò. (Yesaya 48:17, 18) Biblia gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí la le abe seke si ana ‘kakaɖedzi míaƒe mɔkpɔkpɔ eye wòana wòali ke’ la ene.—Hebritɔwo 6:19.

Susu vevi siwo ta wòle be míanya Mawu nyuie eye mí kplii dome nanɔ nyuie dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Ne èdi be yeanya nu geɖe akpee la, àte ŋu ate ɖe Yehowa Ðasefo aɖe ŋu, alo nàʋu jw.org/ee le internet dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe