INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w19 April axa 31
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mia Dometɔ Aɖeke Mabu Eƒe Agbe O”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • “Meɖo Ŋɔdzi Me le Atsiaƒu Dzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nɔ Agbe Le Ale Si Wozɔ Mɔ Yi Anyigba Ƒe Seƒe Kee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Lɔlɔ̃ si Blaa Nu
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
w19 April axa 31
Apostolo Paulo le nu ƒom na tɔdziʋu me dɔwɔla aɖe le tɔdziʋu si tsɔa asigba la xa

Ènyaa?

Le blema la, aleke mɔzɔla wɔa ɖoɖo ɖe ƒudzimɔzɔzɔ ŋu?

ZI GEÐE la, tɔdziʋuwo menɔ anyi koŋ siwo tsɔa mɔzɔlawo le Paulo ƒe ŋkekea me o. Nu si mɔzɔlawo wɔna koŋue nye be, wobiaa amewo nenye be wose tɔdziʋu aɖe ŋkɔ si tsɔa asigbawo, si le teƒe si woɖo be yewoayi la yi ge eye ʋutɔa lɔ̃ be yeakɔ mɔzɔlawo mahã. (Dɔw. 21:2, 3) Ne tɔdziʋua mele teƒe si tututu mɔzɔlaa ɖo be yeayi la yim o gɔ̃ hã la, ne wova tɔ ɖe ʋudzeƒe aɖe le woƒe mɔzɔzɔa me la, ate ŋu adi tɔdziʋu bubu si ɖo ta afi si te ɖe teƒe si yim wòle ŋu.—Dɔw. 27:1-6.

Zi geɖe la, ɣeyiɣi aɖewo koŋ mee wozɔa mɔ le ƒea me, eye tɔdziʋuawo ƒe mɔzɔzɔ mezɔna ɖe ɖoɖowɔɖi aɖe koŋ dzi o. Ne yame ƒe nɔnɔme mede ame dzi o la, ƒudzimɔzɔlawo tea ŋu hea woƒe mɔzɔzɔa ɖe megbe, eye ƒudzimɔzɔla siwo si aʋatsodzixɔsewo le la hã tea ŋu hea woƒe mɔzɔzɔa ɖe megbe. Le kpɔɖeŋu me, ne akpaviã aɖe va dze ɖe abala la dzi hele xɔxlɔ̃m alo tɔdziʋu gbagbã ƒe atikpo va dze go ɖe ƒua ta la, woxɔnɛ sena be enye dzesi be vɔ̃ aɖe gbɔna dzɔdzɔ ge, eya ta womezɔa mɔ o. Ne ya le ƒoƒom nyuie la, ƒudzimɔzɔlawo wɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ hoa ʋua hedzea mɔ, le esi yaa nu sẽ nyuie ta. Ne mɔzɔla ke ɖe tɔdziʋu aɖe ŋu eye ʋutɔa lɔ̃ be yeakɔe la, mɔzɔlaa fɔa eƒe agbawo yia ʋudzeƒea henɔa lalam be woaɖe gbeƒãe be ʋua aho kpuie.

Blemaŋutinyaŋlɔla Lionel Casson gblɔ be: “Romatɔwo na wònɔ bɔbɔe na mɔzɔlawo be woake ɖe ʋu si ɖo ta teƒe si woyina ŋu, eye mehiã be woawo ŋutɔwo woanɔ tsatsam le ʋudzeƒea anɔ ʋu dim o. Woƒe ʋudzeƒea nɔ Tiber Tɔsisia to. Etsɔ ɖe du aɖe si ŋkɔe nye Ostia, afi si asitsaƒe gã aɖe si wotu dɔwɔƒewo ƒo xlã le, la gbɔ. Dɔwɔƒe mawo dometɔ geɖe nye ƒudzimɔzɔla siwo tso ʋudzeƒe vovovowo la tɔ: [le kpɔɖeŋu me,] dɔwɔƒeawo dometɔ ɖeka nye Narbonne, [si le egbegbe France] la, ƒe ƒudzimɔzɔlawo tɔ, eye bubu hã nye Carthage, [si le egbegbe Tunisia] hã, ƒe ƒudzimɔzɔlawo tɔ . . . kple bubuawo. Nu si wòle na mɔzɔla ɖe sia ɖe be wòawɔ koe nye be wòayi dugã ɖe sia ɖe si ŋu to ge wòala hafi aɖo afi si wòɖo tae la ƒe dɔwɔƒea aɖabia ʋu ta se.”

Mɔzɔzɔ to ƒu dzi alea ɖea ɣeyiɣi si mɔzɔlawo tsɔ zɔa mɔe la dzi kpɔtɔna ya, ke hã, afɔkuwo nɔ eme. Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔwo me la, woƒe tɔdziʋu gbã zi geɖe.—2 Kor. 11:25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe