INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/00 axa 3-4
  • Míaƒe Agbalẽwo Mama ƒe Ðoɖo si Wowɔ Wòle Bɔbɔe Wu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Agbalẽwo Mama ƒe Ðoɖo si Wowɔ Wòle Bɔbɔe Wu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afi Si Wokpɔa Ga Le Na Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Wɔwɔ
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • “Na Nu Yehowa”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Míedaa Akpe Na Yehowa Ðe Lɔlɔ̃ Si Mieɖena Fiana Ta
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 12/00 axa 3-4

Míaƒe Agbalẽwo Mama ƒe Ðoɖo si Wowɔ Wòle Bɔbɔe Wu

1 Ƒe ɖekae nye sia si míele agbalẽwo mama ƒe ɖoɖo si le bɔbɔe wu si me womedoa asi ɖe wo ŋu le o la ŋudɔ wɔm. Ðe ɖoɖo sia kpɔ dzidzedzea? Gbeadzisubɔsubɔ kɔntabubuwo ɖee fia be agbalẽnana dzi ɖe edzi. Le nyateƒe me la, wole mɔnukpɔkpɔ nam ame miliɔn geɖe be ‘woava xɔ agbetsi la no faa.’—Nyaɖ. 22:17.

2 Gake menye míaƒe agbanɔamedzi, alo míaƒe didi, enye be míatsɔ míaƒe agbalẽwo ana amesiame ƒomevi si axɔe la yakayaka o. Abe alesi míezãa míaƒe ŋutilãme nuwo nunyatɔe ene la, enye gbeƒãɖela ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi be wòazã agbalẽ siwo wòxɔna tso Habɔbɔa gbɔ asimadoɖeŋui le hamea me la nunyatɔe. Esi Habɔbɔa naa gbeƒãɖelawo xɔa agbalẽawo asimadoɖeŋui mefia be womegblẽa ga aɖeke le agbalẽ siawo tata kple wo mama me o. Le kpekpeɖeŋu nana dzianukwaretɔwo, vevietɔ esi wole Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ dim me la, ele be amesiame nakpɔ ŋudzedze ɖe asixɔxɔ si le míaƒe agbalẽwo ŋu.—Yoh. 17:3.

3 Aleke Habɔbɔa wɔna te ŋu naa eƒe agbalẽwo amesiame asimadoɖeŋui? Nudzɔdzɔwoe wotsɔna kpɔa ga si wòle be woagblẽ ɖe agbalẽawo tata kple wo mama ŋu godoo la gbɔe. Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo gbɔ koŋue kpekpeɖeŋu sia tsona. Yehowa Ðasefowo mekpɔa amewo sinu be woakpe asi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ sia si hiã kpata wu dɔ ɖesiaɖe la ŋu kpɔ o. Míebia amewo be woadzɔ ga na mí kpɔ o eye fifia hã míebiaa amewo be woadzɔ ga na mí o. Gake míekpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo amesiwo tsɔ ɖe le eme nyateƒe kple esiwo ŋudzedzekpɔɖenuŋula siwo míedoa goe le gbeadzi nana ŋu.

4 Alesi Nudzɔdzɔ ƒe Ðoɖoa Yi Edzii: Hame geɖe dzɔa nu edziedzi (ɣleti sia ɣleti) be woatsɔ ado alɔ Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔae. Togbɔ be agbalẽwo tata xɔ asi le ŋkeke siawo me hã la, nɔviwo gakpɔtɔ dzɔa nu menye ɖe agbalẽ siwo woxɔ dzaa ɖeɖeko ta o ke be woatsɔ akpɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le xexeame katã hã gbɔe. Esia dze na kafukafu.

5 Agbalẽwo ƒe anyinɔnɔ wɔnɛ be ɖokuisi, ƒome, kple hame ƒe nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ nɔa bɔbɔe. Míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi si esia hena vɛ la ŋu vevie. Gake nudɔdɔ tɔxɛwo abe Insight kple Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ƒe bablawo ene ya xɔ asi ŋutɔ. Eyata ele be míadɔ esiawo le ŋuɖɔɖo me. Le esi teƒe be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nadɔ ɖeka na eɖokui la, asɔ be ɖeka nanɔ agbalẽdzraɖoƒe na ƒome bliboa. Nɔvi aɖewo siwo si agbalẽ xoxowo kple Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ƒe bablawo le tsɔ wo na be woada ɖe agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpata me si me woɖo agbalẽwo ɖe ɖoɖo nyui nu le ale be agbalẽ siwo womagate ŋu akpɔ tso Habɔbɔa gbɔ o naɖe vi na amesiame.

6 Nusiwo Gbɔ Míaƒe Nudzɔdzɔwo Kpɔna: Esɔ be míadzra ɖo be míaɖe alesi wotsɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo kpɔa míaƒe xexeame katã ƒe Biblia fiafia dɔa gbɔe me kpuie eme nakɔ. Wozãa ga siwo katã míexɔ tsɔ kpɔa nusiwo katã wogblẽ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu le egbe ɣeyiɣia me gbɔe. Tsɔ kpe ɖe agbalẽwo tata be woama le xexeame katã ŋu la, Habɔbɔa kpɔa alɔdzedɔwɔƒewo, Betel-ƒewo, subɔsubɔdɔ kple dutanyanyuigbɔgblɔ sukuwo, dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple nu bubu geɖe siwo ŋu wozãa ga ɖo hena dɔ si Yesu de eƒe nusrɔ̃lawo si la katã wɔwɔ gbɔ.—Mat. 24:14; 28:19, 20.

7 Alesi Yehowa ƒe amewo le dzidziɖedzi kpɔmee ʋã ame geɖe be wobia nusi woate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋui. Ame akpa gãtɔ ŋutɔ mate ŋu ayi akpe asi ɖe alɔdzedɔwɔƒe kple Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu ŋu alo azɔ mɔ ayi anyigbamama didiwo me aɖakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o. Gake be woate ŋu awɔ akpa aɖe le dɔ siawo wɔwɔ me alesi woate ŋui la, gbeƒãɖela geɖe kple woƒe ƒomewo dzraa nane ɖo ɣesiaɣi dzɔna tsɔ kpea asi ɖe xexeame katã ƒe dɔa ŋui. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 16:1, 2.) To mɔ sia nu la, wokpea asi ɖe Habɔbɔa ƒe dɔwɔnawo katã, tsɔ kpe ɖe agbalẽwo mama ŋu la ŋu. Mele be ame aɖeke nabu be lɔlɔ̃nu faa nu siwo míedzɔna ɖe xexeame katã ƒe dɔa ta nye agbalẽ siwo míexɔ ŋuti fe dzaa ko xexe o.

8 Ne míete ɖe aƒemenɔlawo alo ame bubuwo ŋu be míaɖi ɖase na wo la, ele be míadzra ɖo be míadzro Biblia me nyati aɖe me kpli wo. Ŋgɔdonya dodzidzɔname vovovowo, kpakple Biblia me nyati geɖe siwo sɔ, le Reasoning From the Scriptures ƒe agbalẽa, alo Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata vovovowo me. Le alesi amea tsɔ xɔ Fiaɖuƒegbedasiae nu la, ele be gbeƒãɖela la natso nya me le alesi wòana agbalẽe ŋuti. Ne edze be amea meɖe ɖetsɔleme boo aɖeke fia ne woana agbalẽe o la, àte ŋu atso nya me atɔ dzeɖoɖoa ŋuɖɔɖotɔe adzo ayi ame bubu gbɔ. Alo àte ŋu atsɔ trakt na amea ne egblɔ be yeaxlẽ gbedasi si le eme.

9 De Dzesi Ðetsɔleme Vavãtɔ: Ne èkpɔ ame aɖe le ablɔdzi wòle kabakaba dim la, àte ŋu atsɔ trakt ko nɛ ahagblɔ be, “Nyanyui aɖee nye esi ne èkpɔ ɣeyiɣi la, nàxlẽ.” Ne edze abe amewo metsi dzi fũ akpa o la, ke tsɔ magazine fia wo, eye nàɖe nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa me na wo. Enyo be míatsɔ agbalẽawo na amewo ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Gake ehiã be mí katã míalé ŋku ɖe nu ŋu anya amesiwo ɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia. Bu mɔnu siwo gbɔna ŋu kpɔ:

◼ Gbeƒãɖela zã magazine yeyeawo dometɔ aɖe tsɔ dze dzeɖoɖo gɔme kple aƒemenɔlae. Esi gbeƒãɖelaa he susu yi nyati aɖe koŋ dzi le magazinea me la, aƒemenɔla gblɔ be: “Esia ado dzidzɔ nam ŋutɔ.” Gbeƒãɖelaa gblɔ be: “Adzɔ dzi nam be matsɔ magazine sia na wò ale be nàte ŋu ayi nyati sia kple bubu siwo le magazinea me la xexlẽ dzi.” Aƒemenɔla bia be: “Ho nenie?” Gbeƒãɖela ɖo eŋu be: “Míedoa asi aɖeke ɖe eŋu o, ne ànya xlẽe ko. Àkpɔe le etalawo ƒe axaa dzi be magazine sia nye xexeame katã ƒe Biblia fiafia dɔ ƒe akpa aɖe eye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔe wotsɔna dɔa alɔe. [Tsɔ nya siwo le Nyɔ! ƒe axa 4 lia alo Gbetakpɔxɔ ƒe axa 2 lia ƒe ɖusime le ete fiae.] Yehowa Ðasefo siwo ade miliɔn ade siwo tsɔ woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo ɖo anyi be woatsɔ awɔ dɔ vevi sia le anyigba alafa eve kple edzivɔwo dzi la dometɔ ɖeka koe menye. Ne èdi be yeadzɔ nu faa atsɔ ado alɔ dɔae la, míada akpe ɖe eta.” Aƒemenɔlaa dzɔ nu eye gbeƒãɖelaa tsɔ gaa de agbalẽkotoku si wòtsɔ ɖe asi le tameɖoɖo sia ta me. Eda akpe ɖe nudzɔdzɔ si wona la ta eye wògblɔ be yeagatsɔ magazine siwo agava la vɛ nɛ.

◼ Le nɔnɔme bubu me la, gbeƒãɖelaa mena agbalẽ aƒemenɔla o elabena, togbɔ be elɔ̃ woɖo dze hã la, meɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu o.

◼ Le nɔnɔme etɔ̃lia me la, woate ŋu ana trakt amesi ɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia gake edze abe vovo mele eŋu le ɣeyiɣi ma me o ene eye wòdze abe masɔ tututu le ɣeyiɣi ma me be woaɖe alesi wodoa alɔ míaƒe xexeame katã ƒe dɔae me o ene. Gbeƒãɖelaa do ŋugbe be yeagatrɔ ava le ɣeyiɣi si sɔ me. Ne etrɔ yi la, adze agbagba akpɔ ne aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le míaƒe dɔa me vavã, eye ne etsɔ ɖe le eme la, aɖe alesi míaƒe dɔa le kple alesi wodoa alɔe me nɛ. Kpɔ egbɔ be yewɔ ɖetsɔlemetɔ sia ŋuti nuŋlɔɖi ale be yeate ŋu awɔ tɔtrɔyi.

10 Agbalẽ mama ƒe ɖoɖo si wowɔ wòle bɔbɔe wu la kpena ɖe amesiame ŋu wòkpɔnɛ be míaƒe Biblia fiafia dɔa menye asitsadɔ le mɔ aɖeke nu o. Ekpena ɖe mía ŋu hã be míetsɔa míaƒe taɖodzinu si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒenyanyuia kple Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo wɔwɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ. To vovo kura na habɔbɔ siwo biaa “ga kpekpeɖeŋu” gbɔ la, edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpɔ egbɔ be agbalẽwo nasu amesiame si asi aɖeke madomado ɖe eŋui. Míebiaa ga tsoa amesiwo metsɔ ɖeke le míaƒe gbedasia me ŋutɔŋutɔ o si tsɔ doa alɔ xexeame katã ƒe dɔae gbeɖe o. (Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 1, 1990, axa 22 kple 23.) Esi wònye dɔa wɔlawo katã nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo eye womexea fetu alo deme aɖeke na ame aɖeke le habɔbɔa me o ta la, wozãa nudzɔdzɔawo katã tsɔ kpea asi ɖe xexeame katã ƒe Biblia fiafia dɔa ŋui. Amesiwo tsɔ ɖe le míaƒe dɔa me koe míegblɔa nudzɔdzɔ atsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe dɔa ŋu nya na.

11 Esi míeyi edzi le míaƒe subɔsubɔdɔa kekem ɖe enu dzonɔamemetɔe hele Habɔbɔa ƒe agbalẽ xɔasiwo zãm nunyatɔe la, Yehowa ayi edzi anɔ dzidziɖedzia hem vɛ. Dzinyuitɔ siwo le afisiafi kpɔa ŋudzedze ɖe numeɖeɖe nyui si míenana ku ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu la ŋu eye edzɔa dzi na wo be woaɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to woƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo me.

[Aɖaka si le axa 4]

ŊKUÐODZINYAWO

Gbeƒãɖelawo:

◼ Mitsɔ nudzɔdzɔ siwo katã miexɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la de aɖaka si sɔ me le Fiaɖuƒe Akpata me kwasiɖa sia kwasiɖa nuteƒewɔwɔtɔe.

◼ Mixɔ miaƒe magazinewo katã to hamea dzi.

◼ Le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, nudɔdɔ yeye siwo katã miawɔ nadze egɔme kple ɣleti 6 ƒe nudɔdɔ.

◼ Milé be na miaƒe agbalẽwo be wo dome nagagblẽ o. Le kpɔɖeŋu me, le takpekpe ɖesiaɖe megbe la, hadzigbalẽwo kple Biblia geɖewo tsia Nububuwo Diƒe.

Hamewo:

◼ Ðe agbalẽ siwo katã hiã be wòanɔ miaƒe agbalẽdzraɖoƒe le Fiaɖuƒe Akpata me la le mia si ale be gbeƒãɖelawo katã nate ŋu akpɔ wo azãa?

◼ Ele be woadzi magazine siwo woxɔna ƒe nudɔdɔwo ɖe edzi ʋeʋeʋe eye woasɔ ɖe hiahiã nu.

Hamemegãwo/Subɔsubɔdɔwɔlawo:

◼ Mikpɔ egbɔ be agbalẽnudɔdɔwo ɖo amesi kpɔa nudɔdɔwo dzi la gbɔ kaba ɣleti ɖesiaɖe.

◼ Ele be agbalẽdzikpɔla kple agbalẽŋlɔla nalé ŋku ɖe nudɔdɔ ɖesiaɖe ŋu hafi aɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea.

◼ Ele be woaɖo nudzɔdzɔwo ɖa ɣleti sia ɣleti—meganɔ mia gbɔ alo alala be yewoaƒo ƒu ɣleti aɖewo tɔ o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe