Nyabiaɖaka
◼ Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya ne ehiã be míana agbalẽ ame aɖe?
Nu vevitɔe nye amea ƒe ɖetsɔleme. Ne amea ɖe ɖetsɔleme vavã fia la, míate ŋu ana magazine eve, alo agbalẽ gbadza ɖeka, alo agbalẽ ɖeka eyama; alo míana agbalẽ bubu ɖe sia ɖe si nam míele le ɣletia me la amea. Míawɔe alea ne míede dzesii be ga sue aɖe koe le esi wòadzɔ, alo ga aɖeke mele esi wòadzɔ, atsɔ ado alɔ xexea me katã ƒe dɔa o kura gɔ̃ hã. (Hiob 34:19; Nyaɖ. 22:17) Gake míatsɔ míaƒe agbalẽ xɔasiawo ana ame siwo mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o la o.—Mat. 7:6.
Aleke míawɔ anya be aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia? Esia ƒe dzesi nyui aɖee nye ne ekpɔ dzidzɔ ɖe dzeɖoɖoa ŋu. Ne ele to ɖom esi míele nu ƒom, ne eɖoa nyabiasewo ŋu eye wògblɔa eƒe nukpɔsusuwo la, efia be ele gome kpɔm le dzeɖoɖoa me. Ne míele Biblia xlẽm eye wòkplɔa nuxexlẽa ɖo la, efia be edea bubu Mawu ƒe Nya la ŋu. Zi geɖe la, eɖea vi ne míebia aƒemenɔlaa be axlẽ agbalẽ si míele enam la hã. Ele be gbeƒãɖelawo nabu nuwo ŋu nyuie be woade dzesi amea ƒe ɖetsɔleme. Le kpɔɖeŋu me, ne míele ablɔdziɖaseɖiɖidɔa wɔm la, masɔ be míanɔ magazinewo, agbalẽ gbadzawo, kple agbalẽwo nam ame sia ame si nya va to mía ŋu ko la o. Ne míete ŋu de dzesi amea ƒe ɖetsɔleme o la, ke anyo wu be míanae amekpegbalẽvi alo trakt aɖe.
Nenema kee agbalẽ ale si nu gbeƒãɖela aɖe hiã be wòatsɔ awɔ subɔsubɔdɔae la nue wòle be wòaxɔ agbalẽawo ɖo le agbãlexɔƒea, manɔ te ɖe ŋutete si le esi be wòadzɔ nu atsɔ ado alɔ dɔa la dzi o. Menye ɖe míedzɔa nu be woatsɔ axe fe ɖe agbalẽawo ta o, ke boŋ ɖe míedzɔa nu be míatsɔ akpe asi ɖe míaƒe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovoawo katã ŋu. Aleke kee míaƒe ganyawo ɖale o, ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu vavã la, aʋã mí míatso míaƒe ahedada me adzɔ nu dɔmenyotɔe, ke manye nu siwo tsi anyi na mí la ƒe ɖe ko o. (Mar. 12:41-44; 2 Kor. 9:7) Ana hã be agbalẽ ale si nu míehiã la ko míaxɔ, si awɔe be míanɔ ga si wozã tsɔ ta agbalẽawo la dome gblẽm o.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 2]
Ele be gbeƒãɖelawo nabu nuwo ŋu nyuie be woade dzesi amea ƒe ɖetsɔleme