INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/93 axa 1
  • Yi Edzi Nànɔ Gbɔgblɔm Be: “Va!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nànɔ Gbɔgblɔm Be: “Va!”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeƒãɖeɖe ‘Nyagblɔɖia me Nyawo’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ðe Gbeƒã Nyaɖeɖefia me Gbedasi Ʋãme La
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Kpe Ðe Wo Ŋu be Woawɔ Ðe Gbedasia Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 4/93 axa 1

Yi Edzi Nànɔ Gbɔgblɔm Be: “Va!”

1 Mɔnuɖoɖo wɔnuku ka gbegbee nye si Yehowa wɔ to Yesu ƒe tafevɔsa la dzi! Esia mee míekpɔa nusiwo katã hiã be amewo nakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ la le. (Yoh. 3:16) Gake nublanuitɔe la, ame ʋee aɖewo koe va nya nyateƒenya sia hexɔ edzi se bliboe. Ke hã la, le lɔlɔ̃ ƒe ɖetsɔleme si le Yehowa si na ameƒomea ta la, ewɔ ɖoɖo be wòana amewo nase nu tso nyanyui sia ŋu le afisiafi. To Via Yesu Kristo dzi la, ena mɔnukpɔkpɔ mí katã be míakpɔ dzidzɔ eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu mía si.—Yohanes 17:3.

2 Le ƒe akpe geɖewo me la, womenya Amesi axe tafe ahaɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku me la o. Enye “nya ɣaɣla” vaseɖe esime Kristo Yesu va eye “wòhe agbe kple magblẽmagblẽ ɖe go va kekeli nu to nyanyui la me.” (Rom. 16:25; Tim. II, 1:10) Yesu yomedzelawo ɖe gbeƒã le nyanyui sia ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me; fifia gbeƒãɖeɖe le nyanyui ma ke ŋu ƒe mɔnukpɔkpɔ gã su mí amesiwo le agbe le egbeŋkekeawo me la si. Ne míeɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedasia la, míele gome kpɔm kple Yehowa Mawu, Yesu Kristo, kple Kristo nɔviwo, amesiwo le ame ƒomevi ɖesiaɖe kpem le egbɔgblɔ me be: “Va!” ‘Xɔ agbetsi la no faa.’—Nyaɖ. 22:17.

3 Nyateƒee, menye amesiamee aɖo to nyanyui sia o. Ame ʋee aɖewo koe ɖoa to nyuie. Ame aɖewo gbea Mawu ƒe ame siwo kpea wo be nyateƒea ƒe tsi siwo naa agbe ame la naɖe vi na wo la ɖekematsɔlemetɔe. Togbɔ be ele nenema hã la, míedzea agbagba le dɔ sia wɔwɔ me to ŋusẽ si tso Yehowa gbɔ dzi. Míenya be míaƒe lɔlɔ̃ faa be míagblɔ nyateƒea ahakpe ɖe amesiame si asee ŋu la dzea Yehowa ŋu eye wòhea eƒe yayrawo vɛ.

4 Le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le April me la, míade dzi ƒo na nyateƒea dilawo be woaxlẽ Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa eye woakpɔ dzidzɔ le mɔkpɔkpɔ si ŋu woƒo nu le le eme la ŋu. Woakpɔ yayra geɖe ne wowɔ esia. Ne mede ɖeke o hã la, Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ku ɖe etsɔ me ŋu—woawo ƒe etsɔ me kple mía tɔ siaa. Ame aɖewo siwo nye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo fifia la va tsɔ ɖe le nyateƒea me esi woxlẽ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋuti numeɖeɖe le Habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖe me. Esi wònye míexɔ Nyaɖeɖefia Taƒoƒo gbalẽa ɣeyiɣi aɖe nye si va yi ta la, míate ŋu akpɔ alesi wòhiãe na dzianukwaretɔ siwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum la. Ne míedo go amesiawo le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, míadze agbagba aƒo nu le nya ɖeka alo eve ŋu kpuie tso Nyaɖeɖefia Taƒoƒo gbalẽa me atsɔ afia eƒe asixɔxɔ wo. Nusiwo dzi míate ŋu atɔ asii la dometɔ aɖewoe nye alesi wòɖe Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo va eme le ƒe alafa 20 lia sia me la mee wo me kɔ, abe kpɔɖeŋusɔdola siwo ɖe dzesi la ƒe sɔdodo si ŋu woƒo nu le le Nyaɖeɖefia ƒe ta adelia me ene.

5 Esɔ ale gbegbe be míaƒo nu le lɔlɔ̃ ƒe mɔnuɖoɖo siwo Yehowa wɔ na ameƒomea la ŋu esi míele dzadzram ɖo ɖe Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu le April 6 lia dzi ŋu. Ne amewo ɖasee alo womeɖa see o, míayi dɔ si Mawu tsɔ na mí la wɔwɔ dzi be míatsɔ amekpekpe si dea dzi ƒo na ame la ayi na amesiame si lɔ̃ be: “Va!” ‘Xɔ agbetsi la no faa.’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe