Gbeƒãɖeɖe ‘Nyagblɔɖia me Nyawo’
1 Míele ɣeyiɣi si me Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖiawo le eme vam me. Ame geɖe le didim be yewoase nusi nu ɖefuname siwo le dzɔdzɔm fia la gɔme. Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖia ‘ƒe nyawo sese’ ate ŋu aɖe vi na wo. (Nyaɖ. 1:3) Enye mɔnukpɔkpɔ na mí le March me be míakpe ɖe wo ŋu to agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo nana wo me. Ne míele enam la, ele be wòanɔ susu me na mí be wogblɔ kuxi siwo dze ŋgɔ ameƒomea egbea la ŋu nya ɖi le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Ke nya kae míate ŋu agblɔ?
2 Enana mɔnu sia ate ŋu aɖe vi:
◼ “Aʋawɔwɔ, dɔwuame, kple dɔléle ɖe fu na ameƒomea le ƒe alafa 20 lia sia me ŋutɔ. Esi amegbetɔ kpɔ ŋgɔyiyi geɖe le mɔ̃ɖaŋununya me la, èsusu be nukatae nuwo gale alea? [Na wòaɖo eŋu.] Ewɔa nuku na ame geɖe be woase be wogblɔ nusiawo ɖi le Biblia me. Mexɔ se be èse nyagbɔgblɔ si nye ‘Nyaɖeɖefia me sɔdola eneawo’ kpɔ. Le nyateƒe me la, nusi Biblia gblɔ le sɔdola eneawo ŋu la nye nyagblɔɖi si egbegbe xexemenudzɔdzɔwo na wòle eme vam. [Ʋu agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe ta 16, eye nàƒo nu tso nɔnɔmetata siwo le axa 91-7 ŋu.] Togbɔ be nyagblɔɖi sia gblɔ xaxaɣi gã aɖe ŋu nya ɖi hã la, egana mɔnukpɔkpɔ ame hã. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 6:2 le memamã 3 lia me.] Sɔ ɣi Dola lae nye Yesu Kristo. Edo ŋugbe be yeaɖu vɔ̃ɖinyenye dzi eye yeato Fiaɖuƒe si yefia mí be míado gbe ɖa abia dzi ahe xexe si me dzidzɔ kple ŋutifafa le vɛ.” Tsɔ dzonɔameme na agbalẽae.
3 Ðewohĩ nyabiabia sia ana miaɖo dze nyui aɖe:
◼ “Èsusu be nukae hiã hafi woate ŋu aɖe nu gbegblẽ siwo le xexeame ɖa? [Na wòaɖo eŋu.] Ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be woawɔ tɔtrɔ veviwo hafi xexe sia nate ŋu anɔ anyi. Biblia fia be Mawu nya alesi wòakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔe eye edo ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu.” Ʋu agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe axa 171 eye nàxlẽ Nyaɖeɖefia 11:15 le memamã 1 me. Ƒo nu tso nɔnɔmetata siwo le axa 302 kple 308 ŋu eye nàgblɔ yayra siwo anɔ anyi le Kristo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te. Eyome ɖe alesi wòate ŋu aɖe vi na aƒemenɔla la ŋutɔ me nɛ.
4 Ðewohĩ anɔ bɔbɔe na wò be nàgblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Ame geɖe siwo xlẽ Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia la kpɔ be egɔmesese sesẽ na yewo. Eƒo nu tso nudzɔdzɔ vevi siwo mebɔ o ŋu. Agbalẽ sia si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ɖe Nyaɖeɖefia-gbalẽa ƒe kpukpui ɖesiaɖe me ɖekaɖekae eye wòfia alesi eƒe nyagblɔɖiwo mevava ka míi la mí.” Ʋu agbalẽa ƒe axa 15, memamã 2 lia eye nàfia Nyaɖeɖefia 1:1 si woŋlɔ kple gbeteteɖedzinuŋɔŋlɔ lae. Ðe eme nɛ be woɖe Nyaɖeɖefia-gbalẽa ƒe kpukpui ɖesiaɖe me abe alesi woɖe esia mee ene eye be nyatakaka sia akpe ɖe eŋu be wòase nyagblɔɖi vevi siawo me. Ke tsɔ agbalẽa nɛ azɔ.
5 Ne amea mexɔ agbalẽa o la, àte ŋu ana magazine alo trakt aɖee. Wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi aɖatu eƒe ɖetsɔleme ɖo.
6 Nyaɖeɖefia me gbedasia ka ameƒomea katã. Ehiã be amesiame nase nyagblɔɖia me nyawo. Mina míawɔ nusianu si míate ŋui aɖe gbeƒã gbedasi vevi sia.