Wɔ Mɔnu Vovovowo Ŋudɔ le Wò Subɔsubɔdɔa Me
1 Wogblɔ be nuwo ƒe vovototoe naa agbe vivina. Zi geɖe la, nuƒoƒo le nyati aɖe ŋu le mɔ si to vovo nu ana be wòado dzidzɔ na ame wu. Esia nye nyateƒe le míaƒe subɔsubɔdɔa hã me. Ne míeɖɔ ŋu ɖo o la, ate ŋu ava me bɔbɔe be nya siwo míegblɔna le tso aƒeme yi aƒeme ƒe dɔa me la anye nya ɖeka gbɔgblɔ. Ŋgɔdonya mawo ke gbɔgblɔ edziedzi ate ŋu ati mía kple aƒemenɔlawo siaa. Eyata wɔ mɔnu vovovowo ŋudɔ le wò subɔsubɔdɔa me. Gake aleke nàte ŋu awɔ esiae?
2 Esi teƒe be nàgblɔ nya abe, ‘Ŋdi na wò. Míenye Yehowa Ðasefowo eye míele Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia gblɔm na míaƒe aƒelikawo’ la, nukata màde ŋugble le wò ŋgɔdonyawo tɔtrɔ ŋu o? Ŋgɔdonyawo ŋuti nyatakaka gbogbo aɖewo le Reasoning-gbalẽa me. Tanya vovovo 18 ƒe ŋgɔdonyawo le axa 9-15. Eye ŋgɔdonya eve, etɔ̃, alo esi wu nenema la le tanya geɖewo ŋu.
3 Anyo be nàzã ŋgɔdonya sia si le axa 13 ƒe tanya si nye “Agbenɔnɔ/Dzidzɔkpɔkpɔ” te ne èle “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mí Vavãa? ƒe agbalẽ gbadza la nam:
◼ “Míele nu ƒom na amesiwo tsɔa ɖe le agbenɔnɔ ƒe nyonyo me vavã la egbea. Ame geɖe biana be, Ðe woate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ le agbenɔnɔ mea? Agbalẽ gbadza sia naa nukpɔsusu si dea dzi ƒo eye wòʋãa susu la ame.” Ʋu agbalẽ gbadza la ƒe axa 25, eye nàxlẽ nya vevi aɖewo tso memamã 15 kple 16.
4 Fiaɖuƒe gbeƒãɖela aɖewo—vevietɔ ɖeviwo kple ame yeyewo, kple tsitsiawo siaa—kpɔe be woate ŋu azã trakt le ʋɔtruwo nu wòado dzidzɔ na ame.
Gbeƒãɖela si nye ɖevi la ate ŋu azã “Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me” ƒe trakt la ahagblɔ be:
◼ “Nya kpui aɖe le asinye na wò le alesi Yehowa ate ŋu ate ƒomewo aƒo ƒui be woakpɔ dzidzɔ la ŋu. Medi be matsɔ trakt sia si ƒe tanyae nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ me la na wò.” Gbeƒãɖela tsitsi si le dɔ wɔm kple ɖevia ate ŋu anɔ te ɖe alesi aƒemenɔlaa wɔ nui dzi agblɔ nya bubuwo akpee.
5 Ne aƒemenɔla ɖe ɖetsɔleme fia la, gbeƒãɖela tsitsi la ate ŋu agblɔ be:
◼ “Biblia na mɔfiafia le srɔŋutsu, srɔ̃nyɔnu, kple ɖeviwo ƒe wɔƒe le ƒome ƒe ɖoɖoa me. Esi Mawue nye ƒomea Gɔmeɖoanyila ta la, ɖe mèsusu be eyae nye amesi ate ŋu afia alesi wòle be ƒomea nawɔ nui la mí oa? Medi be mase alesi nèsusu le aɖaŋu nyui si Biblia la ɖo na ƒometɔwo ŋu la.” Azɔ xlẽ Efesotɔwo 5:22, 23, 28-31.
6 Ne èle Nyaɖeɖefia Taƒoƒo gbalẽa nam la, nukata màdzro etsɔ me mɔkpɔkpɔ nyui si wogblɔ ɖe Nyaɖeɖefia 21:3, 4 la me o? Azɔ xlẽ agbalẽa ƒe axa 303 ƒe memamã 7. Bia aƒemenɔla la ne nunya le eme be wòaxɔe ase be Mawu ana ŋugbedodo siawo nava eme. Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme xoxo me dzodzro kpuie ado ŋusẽ aƒemenɔla la be wòaka ɖe ŋutete si le Mawu si be wòayra ameƒomea la dzi.
7 Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo katã di be yewoakpɔ gome le teokrasi-nuwo dodo ɖe ŋgɔ, nyateƒea ƒe nukuwo dodo le afisi woate ŋui, kple ɖetsɔleme si woɖe fia la tutu ɖo me. Ne míewɔ mía tɔ gome la, míate ŋu agblẽ alesi wòatsi le etsɔ me la ɖe Yehowa si me dzidzɔtɔe. Nya nyuitɔ kekeakee le mía si be míagblɔ na mía haviwo. Ne míedzra ɖo ɣesiaɣi la, míate ŋu awɔ mɔnu vovovowo ŋudɔ le Fiaɖuƒe gbedasia tsɔtsɔna me ahadze aɖaŋu le agbalẽwo nana me.