Zãe Ɣesiaɣi
1. Nu kae Nya Nyateƒe La ƒe trakt la akpe ɖe mía ŋu míawɔ?
1 Wotrɔ asi le trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míadze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. Gake eganye dɔwɔnu nyui aɖe si míate ŋu azã atsɔ awu nyateƒea ƒe nukuwo. (Nyagb. 11:6) Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esiawo gbɔna siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ trakt sia ŋu dɔ nyuie.
2. Alekee míate ŋu azã trakt la atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme?
2 Dzeɖoɖo Gɔme Dzedze: Àte ŋu atsɔ trakt la ana aƒemenɔlaa, atɔ asi nyabiase ade siwo le akpaa dzi la dzi, eye nàbiae be: “Nyabiase siawo dometɔ kae nàdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na?” Ne aƒemenɔlaa ɖo eŋu vɔ la, dzro ale si Biblia ɖo eƒe nyabiasea ŋu me kplii tso trakt la me, eye nàxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka. Xlẽ nya siwo le megbekpaa dzi alo nàto wo ɖe eme, eye nànae Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ɖeka. Ne mexɔ Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa o gɔ̃ hã la, exɔ trakt, si aƒã nyateƒea ɖe eƒe dzi me la, xoxo.—Mat. 13:23.
3. Ne vovo mele aƒemenɔla aɖe ŋu o la, nu kae míate ŋu awɔ?
3 Ne Vovo Mele Aƒemenɔlaa Ŋu O: Àte ŋu agblɔ be: “Esi wònye be vovo mele ŋuwò fifia o taa, madi be magblẽ trakt sia ɖe gbɔwò. Nyabiase vevi ade siwo mía dometɔ geɖe bia kpɔ la le eme, eye àkpɔ ŋuɖoɖo si Biblia na ku ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu la le eme. Ne megava ake la, madi be nàgblɔ nu si nèsusu la nam.”
4. Nya kae míate ŋu agblɔ ne míele trakt la mam le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa me?
4 Ne Míele Ðase Ðim Le Ablɔdzi: Àte ŋu agblɔ be: “Meɖe kuku èfɔa? Ðe nèbia nya siawo dometɔ aɖe ɖokuiwò kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Trakt sia na nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔname siwo tso Biblia me.” Ne amea mele kplakplakpla dzi o la, àte ŋu adzro ŋuɖoɖoawo dometɔ ɖeka me kplii tso trakt la me, eye àte ŋu ana Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa eyama gɔ̃ hã.
5. Alekee míate ŋu azã trakt sia ɣeaɖewoɣi ne míetu amewo le woƒe aƒewo me o?
5 Ame Siwo Míetu Le Aƒe Me O: Le anyigbamama aɖewo me la, gbeƒãɖelawo gblẽa agbalẽwo ɖi na ame siwo wometu le aƒe me o zi geɖe; wodanɛ ɖe afi si aƒemenɔla ɖeɖe ko ate ŋu akpɔe le. Ne miaƒe hamea wɔnɛ nenema la, ɖe manyo be nanɔ Nya Nyateƒe La ƒe trakt la gblẽm ɖi na aƒemenɔlawo ɣeaɖewoɣi oa? Ne ètrɔ yi la, àte ŋu agblɔ be: “Esi míeva afi sia va yi la, mènɔ aƒe me o, eya ta míegblẽ trakt sia ɖe wò ʋɔtru te. Nyabiase siawo dometɔ kae nàdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na?”
6. Nu kae na be Nya Nyateƒe La nye dɔwɔnu aɖe si ɖea vi le gbeƒãɖeɖedɔa me?
6 Nya Nyateƒe La ƒe trakt la fia nyateƒea le mɔ bɔbɔe si le tẽe nu. Edoa dzidzɔ na subɔsubɔha kple dekɔnu ɖe sia ɖe me tɔwo. Enana le bɔbɔe; ɖeviwo kple gbeƒãɖela yeyewo kura gɔ̃ hã ate ŋu anae. Èle ezãm ɣesiaɣi si wòsɔ be nàzãea?