Gome Kpɔkpɔ Dzidzedzetɔe le Míaƒe Agbeɖeɖedɔa Me
1 Apostolo Paulo trɔ asi le mɔ si dzi wòtona gblɔa nyanyuia ŋu bene ‘wòate ŋu aɖe wo dometɔ aɖewo.’ (Kor. I, 9:19-23) Nenema ke míawo hã míakpɔ dzidzedze geɖe wu le subɔsubɔdɔa me ne míenɔa ŋudzɔ hekpɔa nusiwo me aƒemenɔla tsɔa ɖe le la dze sii eye míedzra ɖo be míatrɔ míaƒe dzeɖoɖoa wòasɔ ɖe eƒe nuhiahiãwo nu. Mele be esia wɔwɔ nasesẽ na mí ne míele Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! alo míaƒe agbalẽ gbadzawo dometɔ aɖe nam o.
2 Ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu atsɔ nya sia tɔgbe si nàgblɔ ɖe wò ŋutɔ wò nyagbewo me adze egɔmee be:
◼ “Alesi wòdze gaglãe be xexeame ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me kuxiwo gbɔ kpɔm o la ɖea dzi le ame geɖe ƒo. Ame aɖewo kura bua fɔ xexemedziɖuɖuwo be woawo gbɔe yewoƒe kuxiwo tso. Èsusu be dziɖuɖu aɖe ava si akpɔ míaƒe nuhiahiãwo katã gbɔ wòade edeƒe na mía? [Na wòaɖo eŋu.] Ènya be dziɖuɖu aɖe si aɖe kuxi siwo katã le fu ɖem na mí ŋuti ŋugbedodo si dzi woate ŋu aka ɖo le mía sia?” Ðo to nyuie nàse aƒemenɔla la ƒe ŋuɖoɖoa. Le alesi wòɖo eŋui nu la, nɔ klalo nàwɔ dzeɖonya vovovo geɖewo dometɔ ɖeka ŋudɔ. Gake ƒo asa na dzeɖonya siwo me dunyahenyawo dze le la zazã.
3 Ne aƒemenɔla la ɖee fia le eƒe nyawo me be Kristotɔe yenye la, ekema míate ŋu abiae be edoa “Mía Fofo si le dziƒo” alo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa ɖa hã. Ne eɖo eŋu be yedonɛ ɖa la, míate ŋu agblɔ kpɔɖeŋugbedodoɖa la vaseɖe afisi wogblɔ le be, “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dzƒo ene!” (Mat. 6:9, 10) Esia ɖee fia be gbaɖegbe la, woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi afisia. Azɔ àte ŋu afia asi nyati aɖe si ku ɖe nusi me dzrom miele ŋu le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me alo agbalẽ gbadza aɖe si ƒo nu tso nyati sia ŋu, abe Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ ƒe axa 3 ene.
4 Ne aƒemenɔla la ɖee fia be yemexɔ Mawu dzi se o la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi Hebritɔwo 3:4 dzi eye nàʋu agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ƒe axa 4. Xlẽ memamã gbãtɔ kple 2 lia eye nàbia nya si le ete. Alo àte ŋu atsiã magazine yeye aɖe me nya aɖe si sɔ ɖe enu.
5 Ne ewɔ abe agbenɔnɔ dze eme na aƒemenɔla ene la, àte ŋu abia be:
◼ “Nukatae wòle be míabu nusi Biblia gblɔ tso dziɖuɖuwo ƒe etsɔ me ŋu vevie?” Azɔ míate ŋu azã Comment raisonner-gbalẽa ƒe axa 175 me nyawo, eye míaƒo nu kpuie tso nu enyi siwo wogblɔ le eme dometɔ ɖeka alo geɖe ŋu. Ne aƒemenɔla la ɖe ɖetsɔleme fia la, zã Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe trakt la eye nàdze egɔme tso axa 2 lia ƒe memamã gbãtɔ dzi atsɔ ayi dzeɖoɖoa dzii.
6 Ne mènyɔ aƒemenɔla la ƒe dzodzro ɖe alesi nàgasrãe akpɔ me o la, wò yiyi zi gbãtɔ la madze edzi bliboe o. Eyata kpɔ egbɔ be yebia nya vevi aɖee eye nàdo ŋugbe be yeaɖo eŋu nɛ ne yegava.
7 Tia nya si zazã anɔ bɔbɔe na wò tso esiwo ƒe aɖaŋu woɖo ɖe etame la me. Trɔ asi le aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu be wòasɔ ɖe wò anyigbamamã ƒe nɔnɔmewo nu. Nya agbalẽ gbadzawo, traktwo, kple magazine me nyati siwo nàzã la me nyawo nyuie ale be nàte ŋu atrɔ wò numedzodzroa kaba ɖe aƒemenɔla la ƒe nuhiahiãwo nu. Mina mí katã míatsɔ veviedodo ato míaƒe dzeɖonyawo me nyuie ‘le nyanyui la ta’ eye míato esia me akpɔ gome le agbeɖeɖedɔ sia me dzidzedzetɔe.—Kor. I, 9:23.