Ale Si Nàzã Nya Nyui Gbalẽ Gbadzaa Atsɔ Afia Nui
1. Aleke wotrɔ asi le Nya Nyui gbalẽ gbadzaa la ŋui?
1 Abe ale si July Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa ɖe eme ene la, míaƒe dɔwɔnu vevitɔwo dometɔ ɖekae nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! ƒe agbalẽ gbadzaa. Womeŋlɔ mawunyakpukpui siwo woyɔ la me nyawo o kple susu be aƒemenɔlaa nate ŋu asrɔ̃ nu tso Biblia ŋutɔ me tẽe. Woŋlɔ míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽ geɖewo be amewo nate ŋu axlẽe ase egɔme bɔbɔe nenye be ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu o gɔ̃ hã. Gake agbalẽ sia ya to vovo. Ðe wotae be nufialaa natsɔe akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòasrɔ̃ Biblia. Eya ta ne míele enam la, anyo be míawɔ ale si míesrɔ̃nɛ kple amewo afia aƒemenɔlaa ale be wòakpɔ dzidzɔ si wònye be wòasrɔ̃ nya nyui si tso Biblia me.—Mat. 13:44.
2. Aleke míate ŋu azã Nya Nyui gbalẽ gbadzaa le yiyi zi gbãtɔ me?
2 Yiyi Zi Gbãtɔ: Àte ŋu agblɔ be: “Susu si ta mevae nye be amewo tsi dzi elabena womenya afi si xexe sia ɖo tae o. Èsusu be nuwo ava nyoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nya nyui aɖe le Biblia me si ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ mí. Kpɔ ale si Biblia ɖo nyabiase siawo ŋu le agbalẽ sia me ɖa.” Tsɔ agbalẽa ɖeka nɛ eye nàbia tso esi be wòatia nyabiase siwo le megbekpaa dzi la dometɔ ɖeka. Emegbe zã esi wòtia la ƒe memama gbãtɔ nàtsɔ awɔ ale si míesrɔ̃nɛ kple amewo la afiae. Mɔ bubu hãe nye be nàbia nya aɖe tso agbalẽ gbadzaa me si anyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔleme si ŋu nèdzra ɖo ɖo, eye nàfia ale si agbalẽa ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔ ŋuɖoɖoa tso Biblia me lae. Gbeƒãɖela aɖewo tianae be yewoaɖe video aɖe si le jw.org si do ƒome kple nyatia afia amea.
3. Aleke nàte ŋu azã Nya Nyui gbalẽ gbadzaa atsɔ awɔ Biblia nusɔsrɔ̃e?
3 Ale Si Míawɔ Nusɔsrɔ̃a: (1) Xlẽ nyabiase siwo gbɔ xexlẽdzesiwo le, siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la be wòakpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu eƒe susu nanɔ nya veviawo ŋu. (2) Xlẽ memama si le nyabiasea te. (3) Xlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ,” emegbe nàbia nya aɖewo siwo ŋu nètrɔ asi le ŋuɖɔɖotɔe be wòakpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu wòakpɔ ale si ŋɔŋlɔawo ɖo nyabiase siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto ŋui. (4) Ne memama bubu aɖe gale nyabiase ma ke te la, zɔ ɖe mɔfiame 2 lia kple 3 lia dzi. Ne video aɖe do ƒome kple nyabiasea eye meɖee fiae haɖe o la, àte ŋu aɖee afiae ne miele nua me dzrom. (5) Mlɔeba bia nyabiase si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la aƒemenɔlaa atsɔ akpɔe ɖa be ese nu si wòsrɔ̃ la gɔme hã.
4. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míabi ɖe dɔwɔnu sia zazã me?
4 Dze agbagba nàbi ɖe agbalẽ gbadza sia zazã me. Zãe ɣesiaɣi si wòasɔ. Ɣesiaɣi si nàsrɔ̃e kple wò nusrɔ̃vi aɖe la, bu nusrɔ̃via ŋu do ŋgɔ nàkpɔe ɖa be mɔ nyuitɔ ka dzie yeato akpe ɖe eŋu wòase ŋɔŋlɔ siwo le nusɔsrɔ̃a me la gɔme nyuie hã. (Lod. 15:28; Dɔw. 17:2, 3) Ne èva le bibim ɖe agbalẽ gbadza sia zazã me la, àva kpɔe be enye dɔwɔnu vevi siwo nàzã atsɔ afia nyateƒea amewo la dometɔ ɖeka!