INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/93 axa 1
  • Agbalẽ Gbadzawo Tsɔtsɔ Adi Ðetsɔlemetɔwoe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽ Gbadzawo Tsɔtsɔ Adi Ðetsɔlemetɔwoe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Agbalẽ Gbadza Vovovowo le Wò Subɔsubɔdɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tsɔ True Peace Ƒe Agbalẽa Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒenyanyui Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Agbalẽ Gbadzawo—Subɔsubɔdɔwɔnu Veviwoe Wonye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Zã Agbalẽ Gbadzawo Tsɔ Nyɔ Dzodzro Ðe Amewo ƒe Dzi Kple Susu Siaa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 8/93 axa 1

Agbalẽ Gbadzawo Tsɔtsɔ Adi Ðetsɔlemetɔwoe

1 Agbalẽ gbadzawo nye dɔwɔnu sẽŋuwo. Woate ŋu azã agbalẽ gbadza siwo si axa 32 ko le la atsɔ aɖo kpe Ŋɔŋlɔa me nyateƒenyawo dzi ahaɖu susu kple nufiafia siwo to vovo na Mawu ƒe sidzedze la dzii.—Kor. II, 10:5.

2 Esi ŋutsu aɖe xlẽ agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã vɔ la, eʋãe wòŋlɔ bena: “Nyemekpɔ habɔbɔ sia tɔgbe kpɔ o. . . . Ewɔ nuku be woakpɔ amesiwo Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le vevie na alea gbegbe le ɣeyiɣi sia si alakpanuwɔwɔ bɔ ɖe mawusubɔsubɔ me la me.” Bokɔnɔ aɖe si le Afrika srɔ̃ agbalẽ gbadza si nye Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! Dɔ kae wòwɔ ɖe edzi? Edzudzɔ afakaka eye wòɖe asi le nyɔnu siwo katã nɔ egbɔ la ŋu wòkpɔtɔ srɔ̃a gbãtɔ ko. Emegbe eva ɖee le se nu.

3 Agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea? nye nyateƒea ƒe dɔwɔnu nyui aɖe si woŋlɔ nyuie kple kpeɖodziwo, eye susu le emenyawo me. Esi The Sunday Gleaner ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti nuŋlɔla aɖe si le Jamaica, West Indies, nɔ nu ƒom tso eŋu la, egblɔ be: “Agbalẽa . . . nye Ðasefowo ƒe dɔwɔnu nyui aɖe eye Mawuɖekaetɔ̃ dzixɔsela—alo mawuɖekaeve dzixɔsela—aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe enu o. Wotɔ asi ŋutinyaŋlɔlawo kple mawuŋutinunyalawo ƒe nya geɖewo dzi le agbalẽvia me tsɔ ɖee fia be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la metso Biblia me o. . . . Esesẽ ŋutɔ na mawusubɔsubɔ ŋuti nuŋlɔla sia be wòakpɔ alesi—sɔlemedela akpa gãtɔ alo esiwo doa vevie nu wu gɔ̃ hã—ate ŋu aɖo nya sẽŋu siwo ʋãa ame, siwo Ðasefoawo gblɔ tsɔ tsi tre ɖe nukpɔsusu si nye be Yesu nye Mawu la ŋu.”

4 Zã Wo Nyuie: Be dɔwɔnu sesẽ dzeani siawo nawɔ dɔ nyuie la, ele be míatsɔ wo na amesiwo axlẽ wo. Esi agbalẽ gbadza vovovo siwo ƒo nu tso nya vovovowo ŋu le mía si ta la, ele be míadze agbagba atsɔ esi míekpɔ be asɔ nyuie na amesi míele ɖase ɖim na la anɛ. Ne míenya míaƒe agbalẽ gbadzawo me nyawo nyuie eye míena vovovowo le mía ŋu la, anɔ bɔbɔe na mí be míazãe nyuie, eɖanye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, le aƒeme, alo teƒe bubu aɖe o.

5 Le kpɔɖeŋu me, ne èle nu ƒom na amesi Kristodukɔa ƒe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la tɔtɔ susu na alo amesi susu be Yesu nye Mawu la, agbalẽ gbadza kae nàzã? Ne ame aɖe bia nya le nusita Mawu lɔlɔ̃tɔ ɖe mɔ fukpekpe le edzi yim nenema gbegbe la, agbalẽ gbadza kae akpɔ nya la gbɔ? Ne ame aɖe ɖe alesi gbegbe wòtsi dzi ɖe dziɖuɖu si akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔe ƒe hiahia ŋu fia la, agbalẽ gbadza kae asɔ nɛ?

6 Hekpe ɖe agbalẽ gbadza siwo nàzã me nyawo nyanya ŋu la, dze agbagba hã be nànyɔ amea ƒe dzodzro ɖe emenyawo ŋu. Ne nɔnɔmewo ɖe mɔ la, he eƒe susu yi nya alo nɔnɔmetata aɖe si ana wòatsɔ ɖe le nyatia xexlẽ me la dzii. Alo àte ŋu axlẽ memamã ɖeka alo eve, axlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ, ahadzro nyatia me kplii. Wodze Biblia nusɔsrɔ̃ nyui geɖewo gɔme to mɔ sia dzi.

7 Míaƒe agbalẽ gbadzawo naa ŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me eye wonana mɔkpɔkpɔ sua amesiwo ɖea hũ eye woxaa nu le ŋunyɔnu siwo wɔm wole le xexeame ta la si. (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 9:4.) Amesiwo si alẽ ƒe nɔnɔme le aɖo to nya siwo le agbalẽ siawo me. Mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be míazã agbalẽ gbadza siawo nyuie le ƒea katã me le míaƒe subɔsubɔdɔ ƒe akpa ɖesiaɖe me esi míeyi edzi le ɖetsɔlemetɔwo dim.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe