Zã Agbalẽ Gbadzawo Tsɔ Nyɔ Dzodzro Ðe Amewo ƒe Dzi Kple Susu Siaa Me
1 Ele be woagblɔ Biblia me nyateƒea be wòanyɔ dzodzro ɖe amewo ƒe susu kple dzi siaa me. Esime Yesu nɔ nyateƒea me ɖem na eƒe nyaselawo la, etia tanya siwo do dzidzɔ na wo heʋã wo. (Luka 24:17, 27, 32, 45) Míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbeadzi ƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe agbagbadzedze be míade dzesi míaƒe nyaselawo ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo la dzi.
2 Agbalẽ gbadzawo ate ŋu anye dɔwɔnu nyui siwo míatsɔ aɖo amesiwo míedoa goe le gbeadzi la ƒe susu kple dzi gbɔ. Bu amesiwo gbedasi siwo le agbalẽ gbadzaawo dometɔ ɖesiaɖe si nam míele le August me ado dzidzɔ na ŋu do ŋgɔ:
—Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? Amesiwo ganya le fu ɖem na alo amesiwo dzi nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖo la akpɔ ŋudzedze ɖe gbedasi fakɔname sia si ku ɖe etsɔme aɖe si me fukpekpe manɔ o ŋu la ŋuti.
—Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? Biblia me ŋuɖoɖo siwo le agbalẽ gbadza sia me aɖe vi na sɔhɛ siwo bua woƒe etsɔme ŋu vevie.
—Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! Nɔnɔmetata gbogbo kple mawunyakpukpui siwo woyɔ ɖe eme la akpe ɖe ɖeviwo kple amesiwo nuxexlẽ meɖena na tutu o ŋu be woase Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme.
—Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ. Ðewohĩ amesi le kadodo me kple dziɖuɖu akpɔ dzidzɔ ɖe gbedasi sia si fia alesi Mawu Fiaɖuƒea ava kpɔ ameƒomea ƒe kuxi sesẽwo gbɔe ŋu.
—Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Ƒometɔ geɖe siwo ame ku na akpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽ gbadza sia xɔxɔ ŋu. Gbeƒãɖela siwo ɖia ɖase le ameɖibɔwo me zãa agbalẽ gbadza sia tsɔ faa akɔ na konyifalawo. Nɔvinyɔnu eve te ɖe ƒome aɖe si me ame adre le, amesiwo nɔ gbe dom ɖa le yɔdo aɖe to ŋu. Gbedasi fakɔname si wogblɔ tso agbalẽ gbadzaa me na wo wɔe be wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple wo dada le ŋufɔke!
—Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea? Sɔlemedela dovevienu ate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒe si le agbalẽ sia si me kpeɖodzi nyui siwo ʋu go Kristodukɔa ƒe dzixɔse vevi le la ŋu.
3 To agbalẽ gbadza siawo dometɔ ɖesiaɖe me nyuie eye nàdi mɔ nyuitɔ si dzi nàto azãe le wò anyigbamamã me. Kpɔ July 1998 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa mamlɛa hena wo tsɔtsɔ na ƒe aɖaŋuɖoɖowo. Yehowa neyra ɖe wò agbagbadzedze be yeaɖo amewo ƒe susu kple dzi gbɔ la dzi.—Mar. 6:34.