Ameŋkumemakpɔmakpɔ le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me
1 Petro gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔw. 10:34, 35) Míewɔa míaƒe subɔsubɔdɔa le lɔlɔ̃ ɖe nyateƒe ma si wogblɔ eme kɔ ƒã la dzi me. Eyata ehiã vevie be míadze agbagba ɖesiaɖe aɖu nusianu si axe mɔ na alesi míatsɔ nyanyuia ayi na amesiamee la dzi.
2 Le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ tso aƒeme yi aƒeme me la, míedoa go amesiwo medoa gbe si wodona le míaƒe hamea me o alo womesee o. Gbemasemase xea mɔ na ame aɖewo be Fiaɖuƒe gbedasi si míeɖea gbeƒãe la meɖea vi na wo bliboe o. Nukae míate ŋu awɔ aɖu gbemasemasekuxi si na be míete ŋu gblɔa nyanyuia na amesiawo o la dzi?
3 Ne èdo go ame aɖe le wò anyigbamamãa me si mese gbe si nègblɔna o la, ele be nàwɔ ɖoɖo akplɔ wò hamea me gbeƒãɖela alo hame si te ɖe mia ŋu me gbeƒãɖela si se aƒemenɔla la ƒe gbe ɖe asi yi egbɔe. Alo àte ŋu aŋlɔ afisi wòle alo nyatakaka siawo tɔgbe atsɔ na hamemegãwo, eye nàgblɔ gbe si wòdona la ɖe edzi, eye hamemegãwo awɔ ɖoɖo ava dii kpɔ. Ele be míawɔ esia ne amea meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu fia haɖe o hã. Ne mènya hame si te ɖe mia ŋu si me wodoa gbe ma le o hã la, gblɔe na hamemegãwo kokoko ale be agbalẽŋlɔla la naŋlɔ agbalẽ na hame si te ɖe mia ŋu si me wodoa gbe ma le.—Kpɔ November 1990 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka, kple September 1984 tɔ hã ƒe axa 4 lia.
4 Le teƒe aɖewo la, esia mahiã o. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe aɖewo la, gbe aɖe dolawo asɔ gbɔ vie ɖe anyigbamamã la ƒe akpa aɖe. Le go bubu me hã, gbe aɖe dolawo akaka ɖe anyigbamamã la me. Woate ŋu abia tso hame alo ƒuƒoƒo si doa gbe ma si be woakpe anyigbamamã siwo lolo ɖo be woaɖo amesiawo gbɔ eye adzɔ dzi na wo ne miekpe ɖe wo ŋu woke ɖe amesiwo woate ŋu akpe ɖo la ŋu.
5 Ne hame alo ƒuƒoƒo aɖeke mele nutoa me si ate ŋu aɖi ɖase na amea le gbe si wòse me o la, ɖewohĩ gbeƒãɖela aɖe anɔ hame siwo le nutoa me me si ase gbe ma eye amesia ate ŋu ayi ɖe amea gbɔ. Togbɔ be ƒã hafi womate ŋu akpɔ nɔvi aɖeke si doa gbe ma o hã la, ne le takpedudzikpɔla hã kpɔkpɔ vɔ megbe miete ŋu kpɔ ame aɖeke o la, ekema hamea me nɔviwo nawɔ nusianu si woate ŋui be woaɖi ɖase na amea. Agbalẽ gbadza si nye Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ le nɔnɔme siawo tɔgbe me.
6 Ele be gbeƒãɖela ɖesiaɖe nanɔ ŋudzɔ eye woawɔ dɔ aduadu kple hame siwo doa gbe vovovowo le nuto si me wòle la me le kpekpe ɖe amesiwo wòdoa goe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu be woase agbenya la me. Ne míedze agbagba vevie be míana nyanyuia naɖo amesiame gbɔ eɖanye gbe kae wodona o la, ke míele Yehowa Mawu, ‘amesi ƒe lɔlɔ̃nue wònye be amesiame ƒomevi nakpɔ ɖeɖe eye nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ nasu wo si’ la ƒe lɔlɔ̃ ɖem fia.—Tim. I, 2:4.
7 Ɣeyiɣi si me mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo le na mí ka mee nye si míele! Mina wòanye nusi míaɖo kplikpaa ɣesiaɣi be míana “amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.”—Nyaɖ. 22:17.