INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/93 axa 8
  • Kpe Ðe Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míaƒe Magazinewo Zazã tso Aƒeme yi Aƒeme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tsɔ Dzidzɔ Trɔ Yi be Nàkpe Ðe Ðetsɔlemetɔwo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tɔtrɔyi Siwo Le Bɔbɔe Hetsea Ku
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu tso Mawu ƒe Vi Yesu Kristo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 10/93 axa 8

Kpe Ðe Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu

1 Ne míele míaƒe magazinewo kple teokrasigbalẽ bubuwo nam la, míele gbedasi si Yesu Kristo ɖe gbeƒãe la kakam. Eyata ele be míadze agbagba etɔxɛe atrɔ ayi amesiame si ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ.

2 Ne Nyɔ! me nyati aɖe koŋ ŋue nèƒo nu le na aƒemenɔlaa la, trɔ asi le nyati ma ƒe akpa bubuwo ŋu nàgblɔ le wò tɔtrɔyi me, eye nàtu wò dzeɖoɖoa ɖe ŋɔŋlɔ vevi ɖeka kple memamã ɖeka alo eve dzi. Ne egaɖe ɖetsɔleme fia la, gblɔ nɛ be Nyɔ! la ɖea vi na ƒomea katã. Tata ɖesiaɖe ƒoa nu tso nya vovovowo ŋu, abe míaƒe xexeame, alesi míawɔ ayi ŋgɔ le nu vovovowo me, alesi míakpɔ egbekuxiwo gbɔe, kple nya siwo ku ɖe sɔhɛwo ene ŋu. Àte ŋu ana aƒemenɔla nanya be ate ŋu anɔ Nyɔ! xɔm ne ewɔ eƒe nudɔdɔ eye be ate ŋu axɔ tata 12 le ƒe ɖeka me alo 24 ne edɔ Eŋlisigbe tɔ.

3 Ke ne Nyɔ! si le asiwò me nyawo medo dzidzɔ na aƒemenɔlaa o ɖe? Le esi nàtɔ dzeɖoɖoa ɖe afima teƒe la, àte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ azã nya siwo le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 206 atsɔ afia nu geɖe aƒemenɔlaa le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ŋu.

4 Ne èzã Timoteo II, 3:1-5 me nyawo tsɔ na “Gbetakpɔxɔ” aƒemenɔla eye nèƒo nu tso nya si le magazinea ƒe axa 2 lia ŋu la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe ne ègatrɔ yi:

◼ “Le dze si míeɖo va yi me la, míedzro nusiwo le dzɔdzɔm egbea le xexeame la me. Ewɔ abe ɖe ame geɖe megatsɔa ɖeke le Mawu kple eƒe dzidzenu siwo wòɖo be woanɔ agbe ɖe wo nu le Biblia me la me o ene. Esia gblẽ nu geɖe le alesi amewo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui la ŋuti, abe alesi wogblɔe le ŋɔŋlɔ si le Timoteo II, 3:1-5 me ene. Èsusu be susu nyui aɖe li si ta míakpɔ mɔ be nuwo ava nyo le etsɔ mea? Ne èna mɔe wòɖo eŋu vɔ la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi Petro II, 3:13 dzii. Trɔ ɖe Reasoning-gbalẽa ƒe axa 227-33, eye nàƒo nu tso nusiwo Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea ŋu.

5 Le tɔtrɔyi me la, ɖewohĩ àkpɔe be aƒemenɔla medi be yeaƒo nu tso subɔsubɔha si me yele ŋu o kple susu be enye ame ŋutɔ ƒe nya. Àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:

◼ “Míeɖalɔ̃ alo míegbe o, dzixɔse vovovowo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔa dɔ ɖe ame dzi le xexeame katã le esi subɔsubɔhawo sɔ gbɔ alea le xexe si le zuzum sue ɖe edzi to mɔzɔzɔ kple kadodomɔnu siwo ƒe ablaɖeɖe le tsɔtsɔm ɖe edzi ɖaa me la ta. Eyata ame nɔewo ƒe nukpɔsusu gɔmesese ana mía kple xɔse bubu me tɔwo dome ƒomedodo nanyo ɖe edzi. Ana fuléle si tso ha vovovo me nɔnɔ gbɔ la dometɔ aɖewo nu nafa. Aleke nèsusu tso eŋu? Ne èna aƒemenɔla ɖo eŋu vɔ la, he eƒe susu yi afisi woɖo tanyawo ɖo le agbalẽ si nye Mankind’s Search for God me la dzi.

6 Mina míadze agbagba ɖesiaɖe atrɔ yi amesiwo katã tsɔ ɖe le nyateƒea me gbɔ eye míakpe ɖe wo ŋu be woava agbe mavɔ mɔ la dzi.—Yoh. 4:23, 24.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe