INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/93 axa 1
  • Èdea Ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èdea Ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo Mea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èle Reasoning Gbalẽa Zãma?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Zã “Gbɔgbɔ La Ƒe Yi” La Aɖaŋutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Wɔ Biblia la Ŋudɔ Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • ‘Ŋusẽ Le Mawu ƒe Nya la Ŋu’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 11/93 axa 1

Èdea Ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo Mea?

1 Asrafo bibi si yina ɖe aʋagbedzi la abla kpa nyuie eye akpoxɔnuwo anɔ eŋu alesi wòate ŋui. Xɔtula bibi si le dzadzram ɖo ɖe xɔtudɔ nyadri aɖe ŋu la atsɔ dɔwɔnu siwo wòhiã ɖe asi atsɔ awu dɔa nui. Yehowa ƒe subɔla si le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm la atsɔ eƒe “yi” ɖe asi eye wòazãe aɖaŋutɔe nenye be mɔnukpɔkpɔ su esi. (Ef. 6:17) Ðe esia le alea le wò ŋutɔ gowòmea? Ne èle gbeadzi la, ɖe nènana Mawu ƒe Nya la ƒoa nu ale be gbɔgbɔ kɔkɔea nate ŋu aʋã wò nyaselawo ƒe dzia?—Lod. 8:1, 6.

2 Menye ɣesiaɣie gbeƒãɖeɖe nɔa bɔbɔe o. Le anyigbamamã aɖewo me la, bebli hafi natu amewo le aƒeme, eye zi geɖe la, vovo menɔa amesiwo míedoa goe le aƒeme la ŋu o, eye womenaa mɔnukpɔkpɔ gobii aɖeke mí be míadzro Biblia me ayi ŋgɔe o. Esi wònye Bibliae nye míaƒe nufiagbalẽ vevitɔ ta la, aleke míate ŋu awɔ eŋudɔ geɖe wui le gbeadzi eye míana eƒe gbedasi si tso gbɔgbɔ me la nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nyaselawo dzi?

3 Le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me: Míadi be míazã Biblia la atsɔ anyɔ aƒemenɔla la ƒe ɖetsɔleme le aƒe ɖesiaɖe me. Ele be míanɔ klalo be míawɔ esia eɖanye agbalẽ ka namee míele o. Ne vovo mele amea ŋu o eye ɣeyiɣi geɖe meli be míaʋu Biblia axlẽ ŋɔŋlɔ ɖeka alo eve o la, àte ŋu ayɔ ŋɔŋlɔ aɖe me nyawo agblɔ alo agblɔ wo ɖe wò ŋutɔ wò nyagbewo me hafi ana agbalẽa? Esia ɖeɖe dzaa wɔwɔ ana ame la natɔ vie abu tame.—Heb. 4:12.

4 Le kpɔɖeŋu me, ne 8 Décembre 1993 ƒe Réveillez-Vous!si ƒe tanyae nye “Xexe si me Dɔléle Mele O” ye nam nèle la, ne ètsɔ nɔnɔmetata si le eƒe akpa dzi fiae vɔ la, biae be, “Èxɔe se be dɔléle nu ava tsi gbaɖegbe eye lãmesẽ nyui nanɔ amesiame sia?” Alekee wòɖaɖo eŋui o, àte ŋu axlẽ ŋɔŋlɔ ɖeka tẽ le wò Biblia me, abe Yesaya 33:24 alo Nyaɖeɖefia 21:4 ene alo nàgblɔ emenyawo ko. Magazine ƒe tata kae ɖale asiwò o, mele be ŋɔŋlɔ ɖeka alo eve si nàte ŋu axlẽ alo agblɔ emenyawo atsɔ atsiã ɖe nyatia nu la nasesẽ na wò o. Ne èwɔe alea la, ana Mawu ƒe Nya la naƒo nu.

5 Le Tɔtrɔyiwo Me: Ele be míadzra ɖo hafi ayi tɔtrɔyiwo wɔƒe. Gake zi geɖe la, nya siwo ŋu míedzra ɖo ɖo o la doa mo ɖa. Ɣemaɣie Comment Raisonner à Partir des Ecriture ƒe agbalẽa ate ŋu aɖe vi. Alesi míayɔ ŋɔŋlɔawo me nya siwo ɖo kpe nyaa dzi tso Comment Raisonner-gbalẽa me alo axlẽe akpe ɖe amewo ŋu woanya be Mawu ƒe subɔlawoe míenye eye menye amesiwo tsɔa Nya la tsaa asie míenye o.—Kor. II, 2:17.

6 Ne ètrɔ yi afisi miedzro nyati aɖeke koŋ me le o la, àte ŋu aʋu Comment Raisonner-gbalẽa ɖeɖeko akpɔ nyati aɖe si sɔ, abe “Yesu Kristo,” “Ŋkeke Mamleawo,” alo “Tsitretsitsi” ene eye nàzã tanya suewo dometɔ ɖeka atsɔ adze numedzodzroa gɔmee. Àte ŋu abia tso aƒemenɔlaa si be wòaxlẽ ŋɔŋlɔawo dometɔ aɖewo le eya ŋutɔ ƒe Biblia me. Ne míewɔe alea la, Biblia me nyawo ado dzidzɔ na wo eye gɔmesese anɔ eŋu na wo, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe akpe ɖe wo ŋu ne wodia dzɔdzɔenyenye.

7 Míaƒe agbanɔamedzi si nye be míaɖe gbeƒã nyanyuia ahaxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖiwo nye ŋkubiãnya. Yehowa ƒe gbedasie, ke menye mía tɔe o. Na eƒe Nya si nye gbɔgbɔ ƒe yi la nakpe ɖe ŋuwò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe