Sɔhɛwo—Mido Dzidzɔ na Yehowa ƒe Dzi
1 Ne ɖekakpuime alo ɖetugbime ŋusẽ kple lãmesẽ le ame si la, agbe nya nɔna vavã. Nunyala Fia Salomo ŋlɔ be: “Ðekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me.” (Nyagb. 11:9) Gake ele be mi sɔhɛwo mianyae be egale kokoko be yewoabu akɔnta na Mawu le miaƒe nuwɔnawo ŋu.
2 Alesi mienɔa agbee le vevie menye na míawo ɖeɖeko o ke boŋ ele vevie na mía dzilawo hã. Lododowo 10:1 gblɔ be: “Ðevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada.” Gake esi gale vevie wu kurae nye be alesi mienɔa agbee la aka mia Wɔla, Yehowa Mawu. Ema tae Lododowo 27:11 de dzi ƒo hã na sɔhɛwo be: “Vinye, dze nunya, ne nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” Aleke mi sɔhɛwo miawɔ ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi egbea? Míate ŋu awɔ esia le mɔ vovovowo nu.
3 To Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Me: Mi sɔhɛwo miele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ si ŋu nya wogblɔ ɖi le Mawu ƒe Nya me la me. (Tim. II, 3:1) Mia tɔ sukuvi kple nufiala dzimaxɔsetɔ siwo aɖe alɔme le miaƒe nukpɔsusu siwo tso Biblia me ŋu ƒe nyaƒoɖeamenuwo hã aɖe fu na mi. Le kpɔɖeŋu me, nufiala aɖe gblɔ be nɔnɔmetɔtrɔnufiafia la nye nyateƒe eye Biblia ƒe nufiafia boŋ ye nye aʋatso. Gake sɔhɛ gbeƒãɖela aɖe ʋli Biblia ta nuteƒewɔwɔtɔe. Esia na wòte ŋu dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo. Amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia la dometɔ aɖewo dze kpekpeawo dede gɔme. Mi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu sɔhɛwo, miaƒe xɔse bua fɔ xexeme mavɔ̃mawu sia eye wòhea dzianukwaretɔwo vaa nyateƒea me.—Heb. 11:7.
4 Àte ŋu ade dzi ƒo na mia tɔ sɔhɛ siwo le hamea me be womagawɔ nu gbegblẽ oa? Ne èɖo kpɔɖeŋu nyui le suku, aƒeme, kple le hamea me la, miate ŋu ado ŋusẽ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu sɔhɛ bubuwo ƒe xɔse. (Rom. 1:12) Mido dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi to kpɔɖeŋu nyui si miaɖo na ame bubuwo me.
5 Le Awudodo Kple Dzadzraɖo Me: Nɔvinyɔnuvi aɖe ƒe awudodo ɖe ɖoɖo nu wɔe be woɖu fewu le eŋu be enye amesi “ƒe agbenɔnɔ womate ŋu agblẽ o.” Nyaƒoɖeamenu sia mena wova wɔ xexe mavɔ̃mawu sia ƒe nuwɔnawo o. Ke boŋ eɖe nu me be Yehowa Ðasefoe yenye eye Yehowa Ðasefowo ƒe dzidzenu kɔkɔwo nue yenɔa agbe ɖo. Ðe dzideƒo sia tɔgbe le asiwòa? Alo ɖe nèɖea mɔ Satana ƒe xexeame kpɔa ŋusẽ ɖe wò tamesusu kple wò agbenɔnɔ dzia? Dzidzɔ gã kae nye si wònye be míakpɔ alesi mi sɔhɛwo dometɔ geɖe miewɔna ɖe Yehowa ƒe nufiafiawo dzi eye miegbea xexeame ƒe atsyã maɖɔʋuwo, trɔ̃subɔsubɔ, kple nufiafiawo. Vavãe ele be míade dzesii be gbɔgbɔ vɔ̃woe kpɔa ŋusẽ ɖe nusiwo xexemetɔwo wɔna la dzi!—Tim. I, 4:1.
6 Le Modzakaɖeɖewo Kple Fefewo Tiatia Me: Ele be dzilawo nanya alesi wòhiãe be woakpe ɖe wo viwo ŋu le modzakaɖeɖe kple fefe nyuitɔwo tiatia nunyatɔe me. Nɔviŋutsu aɖe ƒo nu nyui tso ƒome aɖe si wòlɔ̃ vevie la ŋu. Esi dzilawo tsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me ta la, wona mɔfiame siwo ŋudɔ wowɔna le ƒomemodzakaɖeɖewo hã me. Nɔvia gblɔ be: “Alesi ƒomea katã wɔa nu ɖekae la nya kpɔna nam. Menye dzadzraɖo na subɔsubɔdɔa me koe dzilawo kpena ɖe ɖeviawo ŋu le o ke ne eɖo fefeɣi hã la, wolɔ̃a tsaɖiɖi yi teƒeteƒewo, woyia blemanudzraɖoƒewo, alo wonɔa aƒeme ko fena alo wowɔa dɔ si ƒomea ɖo be yeawɔ la. Alesi wolɔ̃a wo nɔewo kple ame bubuwoe na nàka ɖe edzi be eɖanye nuka kee adzɔ o, woayi edzi azɔ le nyateƒea me le etsɔ me godoo.”
7 Nyateƒee, ɣeaɖewoɣi li si ƒomea katã mate ŋu akpɔ gome le fefe kple modzakaɖeɖe me o. Ele be mi sɔhɛwo mianya esia kple alesi miazã miaƒe vovoɣiwoe ƒe nu vevi nyenye. Satana ɖoe kplikpaa be yeable ame geɖe alesinu yeate ŋui. Ðeviwo kple amesiwo mekpɔ nuteƒe o koŋ ye eƒe ayemenuwɔwɔwo kple amebeble ƒe mɔ̃ te ŋu ɖena bɔbɔe. (Kor. II, 11:3; Ef. 6:11) Eyata egbea Satana zãa mɔnu vovovowo be yeatsɔ able mia nui ne miadze ɖokuitɔdidi kple vivisesegbenɔnɔ kpakple madzɔmadzɔnyenye yome.
8 Television nye amenublenu gã aɖe si dea ŋutilãmenudidi kple agbegbegblẽnɔnɔ gbɔgbɔ ame me. Woɖea anyrãnuwɔwɔwo kple gbɔdɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ fiana gaglã le sinima me kple le videowo dzi. Gbegblẽnyawo kple nya madzetowo va bɔ ɖe hadzidzi siwo ame geɖe lɔ̃na la me. Satana ƒe amenublenuwo adze abe nusiwo me afɔku aɖeke mele o ene, gake woawoe nye mɔ̃ ɖe Kristotɔ sɔhɛ akpe geɖe eye woblu afɔ na woƒe tamesusu kple agbenɔnɔ. Be mianɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siawo nu la, ele be miaʋli sesĩe ati dzɔdzɔenyenye yome. (Tim. II, 2:22) Ne ehiã be nàwɔ tɔtrɔwo le wò tamebubu alo wò agbenɔnɔ ŋu la, aleke nàwɔ awɔ wo? Hakpala la ɖo eŋu be: “Medi wò tso dzi blibo me, megana matra tso wò seawo gbɔ o!”—Ps. 119:10.
9 Amesiwo xɔ ŋkɔ le kamedefefewo kple modzakaɖeɖe me tsɔtsɔ wɔ mawui nye nusi bɔ. Yehowa vɔvɔ̃ akpe ɖe ŋuwò be màtsɔ amegbetɔ madeblibowo awɔ mawui o. Ame geɖe tsɔa agbegbegblẽnɔnɔ gɔ̃ wɔa mawui egbea. Ne èkpɔa ɖokuiwò dzi tso agbegbegblẽnɔnɔgbalẽwo kple hadzidzi siwo ƒoa ɖi susu na ame me la, atɔ kpɔ ɖe ŋuwò le nɔnɔme sia me. April 15, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ le hadzidzi ƒe nya sia ŋu be: “Mawu ƒe nunanae hadzidzi nye. Gake eva zua nusi me ame geɖe ƒoa wo ɖokui ɖo fũ akpa si menyo o. . . . Na wòanye wò taɖodzinu be yeada hadzidzi ɖe afisi wòdze be wòanɔ eye yeana Yehowa ƒe dɔwɔwɔ nanye nu vevitɔ na ye. Lé ŋku ɖe ha siwo nàtia ŋu eye nàkpɔ nyuie le esia wɔwɔ me. Ekema àte ŋu awɔ Mawu ƒe nunana sia ŋudɔ ɖe mɔ nyui nu—menye ɖe mɔ gbegblẽ nu o.”
10 Srɔ̃ alesi nàlé fu nusi nye vɔ̃ la kaɖikaɖi. (Ps. 97:10) Ne èdo go nusi ate wò kpɔ be nàwɔ nu gbegblẽ la, bu tame tso alesi Yehowa kpɔa nuwɔna mae, eye nàde ŋugble le emetsonuwo ŋu: gbɔmeyafuwo, nulɔdɔwo, taɖui si wònyena na ame, bubu si wòɖena le ame ŋu, kple mɔnukpɔkpɔ ƒe gege le ame si le hamea me. Mègagblẽ ɖokuiwò ɖi television dzi nukpɔkpɔ, sinima, video, hadzidzi, alo dzeɖoɖo siwo dea vɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe dzi ƒo nagblẽ nu le ŋuwò o. Mègade ha kple amesiwo Biblia yɔ be “bometsilawo” o. (Lod. 13:19) Tia wo me; tia be nàde ha kple hamea me tɔ siwo lɔ̃a Yehowa kple eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo.
11 Vavãe, sɔhɛ siwo di be yewoado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi nyateƒe la awɔ ɖe aɖaŋu si woɖo ɖe Efesotɔwo 5:15, 16 la dzi: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o; ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” Nukae akpe ɖe ŋuwò be ‘nàkpɔ ɖokuiwò dzi nyuie’ le ŋkeke mamle siawo me?
12 Fɔléle Ðe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Ŋu: Yesu gblɔ le Mateo 5:3, NW, be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me.” Wò hã àte ŋu anye dzidzɔtɔ ne ètsɔa ɖe le wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo me. Gbɔgbɔmenuhiahiã didi ma ƒe akpa aɖee nye gomekpɔkpɔ dzonɔamemetɔe le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me, elabena esia doa ŋusẽ mí be míaxɔ nusiwo srɔ̃m míele la dzi ase geɖe wu.—Rom. 10:17.
13 Wò ŋutɔ àte ŋu akpɔe be menye ɣesiaɣie wòle bɔbɔe be nàwɔ subɔsubɔdɔa edziedzi o. Nusitae wòle alea ƒe akpa gãtɔ ate ŋu atso kakaɖedzimanɔamesi gbɔ. Eyata ehiã be nàɖoe kplikpaa. Ne èyia gbeadzi edziedzi la, ana nàbi le ɖaseɖiɖidɔa me eye kakaɖedzi si anɔ mewò be yeate ŋu aɖe gbeƒã la nu asẽ ɖe edzi.
14 Wɔ ɖoɖo nàwɔ dɔ kple gbeƒãɖela siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe wu le le hamea me, abe gbesiagbe mɔɖelawo kple hamemegãwo ene. Ke to nyuie nàse alesi wogblɔa nya lae kple alesi wòɖoa tsitretsiɖeŋunyawo ŋui. Zã Reasoning-gbalẽa kple aɖaŋuɖoɖo siwo nɔa Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa me la nyuie. Eteƒe madidi kura hafi nànɔ dzidzɔ si lolo wu kpɔm le subɔsubɔdɔa me o elabena èle wò ŋutete ɖesiaɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me.—Dɔw. 20:35.
15 Ame aɖewo te ŋu zã mɔnukpɔkpɔ tsɔ ɖi ɖase le sukui eye wokpɔ dzidzedze nyui le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me. (Mat. 28:19, 20) Kristotɔ aɖe si nye ɖekakpui gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ geɖe sua asinye be maɖi ɖase ne míegale naneke srɔ̃m le sukuxɔ me o, vevietɔ le mɔkekewo me. Medaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe nye kplɔ̃ dzi eye sukuvi geɖe siwo wòdzɔ dzi na la tena ɖe ŋunye.” Ena be sukuvi geɖe kple woƒe nufiala kura hã va dze kpekpeawo dede gɔme. Le nyateƒe me la, woƒe nufiala la yi ŋgɔ va zu Ðasefo adzɔgbeɖela. Yehowa kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne esubɔla siwo nye ɖevi abe wò ene la kafua eƒe ŋkɔ la.
16 Mɔ bubu si nu nàto akpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe nye to ɖokuisinusɔsrɔ̃ me. Be míana Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ la, ele be eyama, eƒe tameɖoɖowo, kple eƒe nudidiwo ŋuti sidzedze nanɔ mía si. Èɖoa ɣeyiɣi ɖi na ɖokuisinusɔsrɔ̃a? Èsrɔ̃a nu edziedzi abe alesi nèwɔa ɖoɖo ɖe nuɖuɖu ŋui enea? (Yoh. 17:3) Wò ŋutɔ wò Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi tsɔ kpe ɖe wɔwɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖia dzi ŋu le asiwòa? Èdzrana ɖo nyuie ɖe kpekpeawo katã ŋua? Èxlẽa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! edziedzia? Vevietɔ ɖe nèdia ɣeyiɣi tsɔ xlẽa “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” ƒe nyatiawo eye nèxlẽa ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la nyuiea? Eye mègaŋlɔ agbalẽ si Habɔbɔa ɖo koŋ ta be wòakpɔ miaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work la be o. Kristotɔ sɔhɛwo kple wo dzilawo le xexeame godo ŋlɔ agbalẽ tsɔ gblɔ alesi agbalẽ sia kpe ɖe wo ŋu be wova te ɖe Yehowa ŋui.
17 Ne èxlẽ Biblia kple teokrasi Biblia-srɔ̃gbalẽwo la, wogblɔa Yehowa, eƒe tamesusu, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu nyawo na wò. Bu alesi nya siawo akpe ɖe ŋuwòe la ŋu. Tsɔ nusi xlẽm nèle sɔ kple nusiwo nèxlẽ va yi. Esia bia ŋugbledede. Ŋugbledede akpe ɖe ŋuwò be nya la nade wò dzi gbɔ eye wòawɔ dɔ ɖe dziwò.—Ps. 77:13.
18 Edzɔa dzi na mí be míakpɔ sɔhɛ siwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuwo me la be wole hamea ƒe kpekpewo dem. Mi Kristotɔ sɔhɛwo ƒe nyaŋuɖoɖo tuameɖowo nana le kpekpeawo me edziedzi ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo. Ðoe wòanye wò taɖodzinu be yeaɖo nya ɖeka ya teti ŋu le kpekpe ɖesiaɖe me. Dze xɔlɔ̃ amesiwo xɔ ƒe vovovo le hamea me to hadede tuameɖowo dede kpli wo me do ŋgɔ na kpekpeawo kple ne wokpã. (Heb. 10:24, 25) Nɔviŋutsuvi aɖe gblɔ be ye dzilawo de dzi ƒo na ye be yeaɖo dze kple nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi ɖeka teti le kpekpe ɖesiaɖe me. Egbea ebua nuteƒekpɔkpɔ si su esi le hadede kple hamea me tɔ tsitsiwo me la nu xɔasii.
19 Ti Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Yome: Ewɔ nublanui be taɖodzinu kple mɔfiame mele sɔhɛ geɖe ƒe agbenɔnɔ ŋu o. Gake ɖe dzidzɔ si tsoa teokrasitaɖodzinuwo ɖoɖo kple wo gbɔ ɖoɖo me medzɔa dzi na mí oa? Ne míetsɔ Yehowa ƒe hehenana si kɔa nu me na ame ti taɖodzinu siawo yomee la, ana míaƒe dzi nadze eme fifia eye mlɔeba wòana míakpɔ agbe mavɔ.—Nyagb. 12:1, 13.
20 Ne èdi be yeaɖo taɖodzinuwo la, tsɔe de gbedodoɖa me. Dzro eme kple dziwòlawo kpakple hamemegãwo. De ŋugble le ɖokuiwò kple wò ŋutetewo ŋu eye nàɖo taɖodzinuawo le nusi nàte ŋu awɔ nu, ke menye be nàtsɔ esi ame bubu ɖo asɔ kple tɔwò o. Amesiame ƒe ŋutete to vovo—le ŋutilã, tamesusu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me gome. Eyata mègasusu be yeate ŋu awɔ nusianu si ame aɖe le wɔwɔm o.
21 Nukawoe nye taɖodzinu siwo yome nàte ŋu ati la dometɔ aɖewo? Ne mènye gbeƒãɖela haɖe o alo mèxɔ nyɔnyrɔ̃ haɖe o la, nukatae màtsɔ esiawo awɔ wò taɖodzinui o? Ne gbeƒãɖelae nènye la, àte ŋu aɖoe be yeazã gaƒoƒo agbɔsɔsɔme aɖe le gbeadzi kwasiɖa sia kwasiɖa. Dze agbagba nàzu nufiala bibi le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me, eye na wòanye wò taɖodzinu be yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃. Ne sɔhɛ nyɔnyrɔ̃xɔla si le suku dem ye nènye la, nukatae maɖoe wòanye wò taɖodzinu be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ le mɔkekewo me o?. ‘Dɔ geɖe li míawɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔa me.’—Kor. I, 15:58.
22 Dzilawo ƒe Kpekpeɖeŋu Hiã Vevie: Mele be wòawɔ na hamea me sɔhɛwo gbeɖe be ame aɖeke meli akpe ɖe yewo ŋu le agbagba si dzem yewo le be yewoakpɔ agbe la me o. Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi na aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe sɔhɛ siawo ŋu le woƒe gbesiagbe nyametsotsowo wɔwɔ kple agbemekuxiwo dzi ɖuɖu me. Míenya be enye dzila adzɔgbeɖelawo ƒe agbanɔamedzi be woakpe ɖe wo viwo ŋu le nyametsotso nyuiwo wɔwɔ me. Biblia gblɔ le Korintotɔwo I, 11:3 be ŋutsue nye ƒomea ƒe ta. Eyata le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me, ne nyɔnua kpe asi ɖe srɔ̃a ŋu bliboe la, vifofoa xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe sewo fiafia ɖeviawo me. (Ef. 6:4) Wowɔa esia to hehenana ŋkubiãtɔe tso woƒe ɖevime ke me. Esi ɖeviwo ƒe ahɔhɔ̃ lolona ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ le eƒe ƒe gbãtɔ me ta la, mele be dzilawo nabu wo vi vidzĩwo ƒe nusɔsrɔ̃ŋutete nu feŋui gbeɖe o. (Tim. II, 3:15) Ne ɖeviawo le tsitsim la, ele be wo dzilawo nanɔ Yehowa lɔlɔ̃ kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kplii fiam wo vivivi.
23 Mi amesiwo de “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea xoxo miese nuƒo si ƒe tanyae nye “Ku Kutri Hena Wò Ƒomea ƒe Agbekpɔkpɔ.” Wodzro nyati vovovo siwo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu be woakpɔ mɔ nyuitɔ siwo dzi woate ŋu ato akpe ɖe wo viwo ŋu la le eme. Mɔ nyuitɔ si dzi woato adze egɔmee nye be dzilawo ŋutɔ naɖo kpɔɖeŋu nyui. Esia akpe ɖe viwòwo ŋu geɖe wu nusi wòle be woawɔ kple nusi mele be woawɔ o gbɔgblɔ na wo zi geɖe. Dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ƒe akpa aɖee nye be woaɖe gbɔgbɔ ƒe kutsetse afia le aƒea me, le nuwɔwɔ ɖe wo srɔ̃wò kple viwòwo ŋu me. (Gal. 5:22, 23) Nusi teƒe ame geɖe kpɔ la ɖee fia wo be nunyuiwɔwɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzinu gã aɖee Mawu ƒe gbɔgbɔ la nye. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàmlã viwòwo ƒe susu kple woƒe dzi.
24 Woƒo nu le dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpewo yiyi, kple gbeadziyiyi edziedzi hã ŋu le takpekpea me. Ne ètsɔa dzonɔameme ƒoa nu tso nyateƒea ŋu le aƒeme, ne èxɔa ŋgɔ dzonɔamemetɔe le subɔsubɔdɔa me, eye nèƒoa nu nyui tso ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu la, ade dzi ƒo na viwòwo be woado vivi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.
25 Ne wotsɔ nuŋububu nyui dzra ɖo ɖe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ si woanɔ wɔwɔm edziedzi ŋu la, avivi eye dzidzɔ anɔ eme, anye ɣeyiɣi si me ƒomea me tɔwo agaka ɖe woƒe ɖekawɔwɔ dzi na wo nɔewo. Gbɔ dzi ɖi naɖo viwòwo ƒe dzi gbɔ. (Lod. 23:15) Togbɔ be ƒome geɖe zãa ɣeyiɣi sia tsɔ dzrana ɖo ɖe kwasiɖa la me Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋui hã la, ɣeaɖewoɣi la, ade dzi ƒo na ame be woadzro ƒomea ƒe nuhiahiã aɖe koŋ me. Nukpɔsusunyawo biabia kple toɖoɖo ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ƒe nyaŋuɖoɖo akpe ɖe dzilawo ŋu be woanya nusi le wo viwo ƒe susu me eye wòfaa akɔ na ame hã. Nusɔsrɔ̃ si aɖe vi na ƒomea me tɔ ɖesiaɖe wɔwɔ nye nusi bia agbagbadzedze ŋutɔŋutɔ tso ƒomea ƒe ta gbɔ. Gake vi ka gbegbee nye esi wòɖena ne wo katã wotsi le gbɔgbɔ me! Ne wotrɔ asi le nya la ŋu wòku ɖe amesiame ŋu la, ana dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ anyi.
26 Miaƒe hehe si me lɔlɔ̃ le, si ŋu miadze agbagba le etɔxɛe fifia la hiã vevie hena mia viwo ƒe agbekpɔkpɔ. (Lod. 22:6) Ne nya sia le susu me na mi alea la, anɔ bɔbɔe na mi be miase nusitae esia nye nufiafiadɔ vevitɔ kekeake si miawɔ le miaƒe agbe me la gɔme. Megawɔ na mi gbeɖe be yewo ɖeɖekoe le dɔ vevi tɔxɛ sia wɔm o. Misrɔ̃ alesi miaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe hena mɔfiafia le miaƒe ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ me. Mese ɖe afima o. Ame bubuwo hã li akpe ɖe mia ŋu.
27 Kpekpeɖeŋu si Ame Bubuwo Hã Ate Ŋu Ana: Hamemegãwo ate ŋu ana ɖeviwo kple wo dzilawo nakpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo dɔwɔnawo me. Mide dzi ƒo na ɖeviawo le hamea ƒe kpekpewo me. Hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla siwo wode dɔ asi na le Subɔsubɔ Kpekpea me nanɔ ŋudzɔ be ne ɖeviwo do asi ɖe dzi la, woayɔ wo. Midi mɔnukpɔkpɔ siwo me miazã ɖevi siwo nye kpɔɖeŋu nyuiwo le le wɔwɔfia siwo me wo dzilawo anɔ la me. Woate ŋu abia gbe wo dometɔ aɖewo be woagblɔ nya siwo le kpuie.
28 Migabu woƒe agbagbadzedzewo nu tsɛ o. Ðeviwo nye nu vevi aɖe ŋutɔ na hamea. Wo dometɔ geɖe to woƒe agbenɔnɔ nyui dzi ‘ɖo atsyɔ̃ na mía Xɔla, Mawu, ƒe nufiafia la.’ (Tito 2:6-10) Wò ŋku nenɔ edzi nàkafu ɖeviwo ne wowɔ akpa sue aɖe gɔ̃ hã le kpekpewo me. Esia doa dzidzɔ na wo be woadzra ɖo eye woagadi be yewoakpɔ gome le eme ɣebubuɣi. Nu bubu aɖeke mexɔ asi de ame tsitsiwo ƒe ɖetsɔtsɔ le ɖeviwo me alea nu o; nu xɔasi ŋutɔe wònye. Ðe wò hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla nètena ɖe ɖevi siwo le hamea me la ŋu edziedzi eye nèkafua wo ɖe nuƒo alo wɔwɔfia aɖe si wowɔ le hamea me ta?
29 Mɔɖelawo, nukae miate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋui? Nukatae miadzro miaƒe ɖoɖowɔɖia me akpɔ be miate ŋu ana sukuviwo nanɔ miaƒe ɣetrɔ alo kwasiɖanuwuwu gbeadziyiɖoɖowo me o? Ðe mieƒoa nu nyui tso miaƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa si metia ŋua? Ðe mieɖenɛ fiana le miaƒe moɖoɖo me be miekpɔa dzidzɔ le miaƒe subɔsubɔdɔa mea? Ðe mielɔ̃ ekafukafu na ame bubuwo, vevietɔ ɖeviwoa? Ne miele dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme la, ɖe miaƒe nuƒoƒo tua ame ɖo hedea dzi ƒoa? Ne èwɔnɛ alea la, ekema wò mɔɖela hã èle tɔwò sinua wɔm le hehenadɔ vevi sia me.
30 Ele be hamea me tɔ ɖesiaɖe nanyae nyuie be hehenana ɖeviwo ƒe dɔ sia le vevie ŋutɔ. Àte ŋu awɔ ɖoɖo awɔ dɔ kpli wo le gbeadzia? Àte ŋu awɔ alesi miagblɔ nya lae le ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa me ƒe wɔwɔfia kple wo kpɔa? Ènɔa ŋudzɔ ɖe dzidede ƒo na wo be woakpɔ gome le gbɔgbɔmedɔwo me le etsɔ me ŋu ne mia kpli wo miele dɔ wɔm le gbeadzia? Ele be gbeƒãɖela ɖesiaɖe nanyae be nya kpui aɖe ko kura gbɔgblɔ aʋã wo be susu nyui nanɔ wo si ɖe agbemetaɖodzinu siwo nye gbɔgbɔ me tɔwo ŋu, be wòanye viɖe mavɔ na ɖeviawo.
31 Sɔhɛwo Ŋutɔ Ate Ŋu Akpe Ðe Wo Ðokui Ŋu: Sɔhɛwo, míele dzi dem ƒo na mi katã be miayi edzi anɔ to ɖom Yehowa ƒe nufiafiawo eye miatsri nusiwo xexeame tsɔ ɖoa mía ŋkume la. Do ɖokuiwò kpɔ ɣesiaɣi eye nàdzro wò agbenɔnɔ kple wò seselelãmewo me akpɔ. Nɔnɔme kae nèɖena fiana ɖe nusi Yehowa di tso asiwò le wò gbesiagbegbenɔnɔ me ŋu? Ðe nèle aʋa wɔm sesĩe kple Satana ƒe susuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia? (Tim. I, 6:12) Esi amegbetɔ, vevietɔ sɔhɛwo, dina be yewoƒe nu nadze yewo tɔwo ŋu ta la, ɖe nèkpɔnɛ be edzroa ye be yeakplɔ amehawo ɖo le nugbegblẽwɔwɔ mea? (Mose II, 23:2) Apostolo Paulo nya be nyaƒoɖeamenu be woanɔ agbe wòasɔ ɖe xexeame tɔ nu la lolo ŋutɔ.—Romatɔwo 7:21-23.
32 Ebia be dzi nanɔ ame ƒo hafi woatsi tre ɖe xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu, be woawɔ nusi to vovo na ame hati siwo nye xexeametɔwo tɔ, eye be woawɔ Mawu ƒe nufiafiawo dzi. Blematɔwo kpɔ dzidzedze nyui geɖe le nusiawo wɔwɔ me. Bu tame tso dzideƒo si nɔ Noa si la ŋu kpɔ. Eto eƒe xɔse kple eɖokuiɖeɖeɖa tso eƒe ɣeyiɣia me nugbegblẽwɔlawo gbɔ me bu fɔ xexeame katã. (Heb. 11:7) Ʋli sesĩe elabena viɖe le ʋiʋli sia ŋu. Mègasrɔ̃ gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ, klenɔ siwo ƒo dzi mele o, siwo kplɔa Satana ƒe amehawo ɖo la o. Ke boŋ de ha kple amesiwo ŋu Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo. (Fil. 3:17) De ha kple zɔhɛ siwo mia kple wo miazɔ le akasanu ayi xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me. (Fil. 1:27) Nenɔ susu me na wò be tiatia ɖeka koe li si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee.—Mat. 7:13, 14.
33 Ne alesi ɖeviwo nyea kafukafu kple bubu na mía Mawu doa dzidzɔ na mí la, ke aleke gbegbee nye si wòado dzidzɔ na eya ŋutɔe! Ðikeke mele eme o be Yehowa kpɔa dzidzɔ ne ekpɔ ɖeviwo wole woƒe akpa dzi wɔm le gbeƒãɖeɖe eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo me. Wonye “domenyinu” tso egbɔ eye nusi nye nyuitɔ koe wòdina na wo. (Ps. 127:3-5; 128:3-6) Kristo Yesu kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le hadede kple ɖeviwo me, eye egbɔ dzi ɖi de dzi ƒo na wo le woƒe subɔsubɔ na Yehowa me. Eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu. (Mar. 9:36, 37; 10:13-16) Ðe míebua ɖevi siwo le mía dome abe alesi Yehowa kple Kristo Yesu bua woe enea? Ðe ɖevi siwo le mia dome nya alesi Yehowa kple mawudɔlawo bua woƒe nuteƒewɔwɔ kple woƒe kpɔɖeŋu nyuiea? Ele be míakafu wo ade dzi ƒo na wo be woado dzidzɔ na Yehowa to gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome titi me. Ðeviwo, miti taɖodzinu siwo ahe yayrawo vɛ na mi fifia kple le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la yome!