Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔmedzedze le December Me
1 Yesu de dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woanye nyanyuia fialawo. (Mat. 28:19, 20) Mɔ vevitɔ si dzi míetona fiaa nu amewoe nye Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kpli wo. Èkpɔa gome le dɔ sia wɔwɔ mea? Ne mèkpɔa gome le eme o la, aleke nàwɔ bene wò hã nàkpɔ gome si lolo wu le nufiafia amewo me?
2 Ðewohĩ míena trakt aƒemenɔla la eye míedo ŋugbe nɛ be míatrɔ ava dzro emenyawo me kplii.
Ne míetrɔ yi aƒemenɔla si míetsɔ trakt si nye “Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia?” na la, míate ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeɖo dze tso alesi wòhiã be míawɔ nu kpatae le míaƒe ɣeyiɣia me kple alesi Yesu ƒo nu tso nɔnɔme siwo li le míaƒe ŋkekea mee ŋu la ŋuti. Madi be mazã aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo atsɔ adzro trakt si mena wò me nya aɖewo me kple wò kpuie. Kpɔ nusi wogblɔ le tanya sue si nye “Dzesi La” te ɖa.’” Ʋu trakt la ƒe axa 3 lia eye nàdzro memamã eve alo etɔ̃ gbãtɔawo me kplii eye nàxlẽ ŋɔŋlɔ siwo ŋu ɣeyiɣia ɖe mɔ ɖo. Te gbe ɖe alesi Yesu ƒe nyagblɔɖia le eme vamee la dzi nɛ. Wɔ ɖoɖo nàgatrɔ ava dzro memamã bubu siwo le tanya sue sia te la me kplii. De dzi ƒo na aƒemenɔlaa be nexlẽ nyatia hafi yeagatrɔ ava.
3 Alo àte ŋu agblɔ alea tɔgbe:
◼ “Nyitsɔ le míaƒe dzeɖoɖoa me la, mena trakt si ƒe tanyae nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia la wò. Míeƒo nu tso akpa si wɔm Yesu Kristo le le xexemenyawo me ŋu gbemagbe. Míexlẽ eƒe nya siwo le Yohanes 17:3. [Xlẽe.] Esi wònye be ele vevie be míasrɔ̃ nu tso Mawu kple Yesu ŋu ne míedi be míakpɔ agbe mavɔ ta la, enyo be míadze agbagba ɖesiaɖe si míate ŋui be sidzedze ma nasu mía si. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe nɔnɔme wɔnuku geɖe siwo le Mawu si la fia. Mèxɔe se be susu le eme be nu geɖe alesinu míenya tso Yesu kple eƒe subɔsubɔdɔ ŋu, geɖe ma ke míenyaa Fofoa ɖe edzi oa? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ nusi agbalẽ si woyɔna be Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la gblɔ ɖa. Xlẽ eƒe ta 116 ƒe axa 9 ƒe memamã susɔea kple axa 10 lia ƒe memamã gbãtɔ. Ðe eme be nya siwo katã wogblɔ le Nyanyuigbalẽ eneawo me le Yesu ŋu la katã le agbalẽ sia me eye woɖo wo ɖe ɖoɖo si nu nuawo dzɔ ɖo la nu. Ƒo nu tso ta aɖewo koŋ ƒe tanya, nɔnɔmetatawo, kple anyigbatata si le agbalẽa ƒe gɔmedzedze la ŋu. Ne ènyɔ eƒe ɖetsɔleme to mɔ sia dzi vɔ la, ekema na agbalẽae.
4 Ne míedo gbe na aƒemenɔla si xɔ “Ame Vevitɔ” ƒe agbalẽa vɔ la, míate ŋu agblɔ be:
◼ “Abe alesi megblɔe esi meva nyitsɔ ene la, wotrɔ asi le agbalẽ sia si nye Ame Vevitɔ ŋu be woatsɔ asrɔ̃ Bibliae. Madi be mawɔ alesi nàte ŋu azãe be wòaɖe vi na wò wu la fia wò kpuie.” Ʋu ta gbãtɔ si nye “Gbedasi Siwo Tso Dziƒo.” He aƒemenɔla ƒe susu yi nyabiabia siwo wota ɖe agbalẽa me dzi. Xlẽ nyabiabia gbãtɔa, eye nàxlẽ memamã gbãtɔawo. Tsiãe ɖe enu kple nɔnɔmetata si le axa evelia. Yi edzi kple nyabiabia susɔeawo, eye nàɖe ŋuɖoɖoawo me yi ŋgɔe ne ɣeyiɣia ɖe mɔ. Hafi nàdzo la, wɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava yi dzeɖoɖoa dzi.
5 Ne kakaɖedzi le mía me eye míedzra ɖo nyuie hewɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ la, ana míanɔ dzadzraɖoɖi nyuie na Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze le December me.