Ame Vevitɔ ƒe Agbalẽa Tsɔtsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔmee
1 Aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ avivi mia kple aƒemenɔla siaa nu wu nusianu eye wòana dzidzeme mi katã. Naneke meli de dzidzɔ si wokpɔna le Biblia me sidzedze gbɔgblɔ na ame bubuwo me nu o.—Lod. 11:25.
2 Ŋkeke Mamleawo ƒe Dzesi: Ne èzã aɖaŋuɖoɖo si le nyati si dze le etame la me tsɔ dze wò numedzodzro gɔme kple Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe trakt la, aleke nàte ŋu azã Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ta 111 atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔmee azɔ? Ʋu agbalẽa ƒe ta 111, eye nàxlẽ memamã etɔ̃ gbãtɔawo. Emegbe àte ŋu abia nyabiabia gbãtɔ si le ta la ƒe nuwuwu: “Nukae he apostoloawo ƒe nyabiabia la vɛ, gake edze abe nuka hãe le susu me na wo ene?” Kpe ɖe aƒemenɔla la ŋu be wòade ŋugble le ŋuɖoɖoa ŋu, eye nàzã nɔnɔmetataa atsɔ afia nui. Ne èxlẽ memamã enelia vaseɖe adelia vɔ la, bia nya evelia: “Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa kae va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me, gake nukae medzɔ ɣemaɣi o?” Ne aƒemenɔla la ɖe ɖetsɔleme fia eye vovo le eŋu la, ke miyi numedzodzroa dzi.
3 Ne edze abe ɣebubuɣi asɔ na aƒemenɔla wu ene la, àte ŋu abiae be: “Àdi be yeaganya nu geɖe tso ɣeyiɣi si nuɖoanyi sia awu enu ŋua?” Azɔ àte ŋu awɔ ɖoɖo kplii be yeatrɔ ava ɖo nyabiabia la ŋu nɛ.
4 Ðe Xexe si me Ŋutifafa Le Ate Ŋu Avaa? Ne Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me ƒe trakt la zãmee nèle be yeatsɔ aƒo nu tso Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ŋui la, aleke ta 133 ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmee?
Ne èxle Petro II, 3:13 vɔ la, àte ŋu axlẽ memamã evelia si le trakt la ƒe axa 3 alo nàƒo nu tso eŋu kpuie ahagblɔ be:
◼ “Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi, ye anye Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia. Kpɔ alesi agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒo nu tso Yesu ŋui eye wòna míenya nu tso nusi wòava wɔ le etsɔ me ŋu la ɖa.” Azɔ xlẽ ta bliboa katã. Bia nyabiabia gbãtɔ si le ta la ƒe nuwuwu aƒemenɔla la: “‘Dzidzɔmɔnukpɔkpɔ kae anye Harmagedon me agbetsilawo kple wo viwo tɔ?’ [Na wòaɖo eŋu. Miate ŋu adzro nyabiabia bubuawo hã me nenema ke.] Àdi be yeanɔ xexeme yeye si dzi Yesu aɖu la mea? Adzɔ dzi nam ŋutɔ ne mate ŋu anɔ gbɔwò vam kwasiɖa ɖesiaɖe be makpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi esia ate ŋu asu asiwòe tso Biblia me.”
5 Adzɔ dzi na ame bubu aɖewo hã le sasrãkpɔ sia me be yewoayi edzi adzro nu me tso Yesu Kristo ŋu.
Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Wodze agbagba le agbalẽ sia me be woaƒo nu tso Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ŋu abe alesi wòdze le Nyanyuigbalẽ eneawo mee ene. Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ŋua?” Ne aƒemenɔlaa lɔ̃ la, àdi be yewoadzro Yesu ƒe nukunu gbãtɔ me le ta 15 lia me.
6 Dzianukwaretɔ geɖe gakpɔtɔ li siwo lɔ̃a dzɔdzɔenyenye eye wole nusiwo akpɔ woƒe kuxiwo gbɔ na wo dim. Le nyateƒe me la, ɖoɖowɔwɔ kple amewo be yewoadzro Yesu Kristo ƒe nufiafiawo me to Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me nye agbagbadzedze si ɖea vi wu nusianu.