Nyabiaɖaka
◼ Ɣekaɣie wòle be woawɔ Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃?
Zi geɖe la, enyo wu eye wòsɔ hã be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo nanɔ hamea ƒe anyigbamamãa ƒe teƒe vovovowo wu be hamea me tɔwo katã nava kpe ta ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me. Ele be woawɔ nusɔsrɔ̃ siawo le ɣeyiɣi si sɔ na ƒuƒoƒo ɖesiaɖe me tɔwo ƒe akpa gãtɔ dzi. Zi geɖe la, wowɔa nusɔsrɔ̃ sia le kwasiɖaa ƒe fiẽ aɖe si womawɔ kpekpe bubuwo alo ayi gbeadzi o. Gake ɖewohĩ ade ame dzi be woawɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃ le ŋkeke me be ame tsitsi siwo melɔ̃na doa go le zãme o kple zãdɔwɔlawo nate ŋu ayi. Le teƒe ʋee aɖewo la, anyo be woawɔ nusɔsrɔ̃a le ŋkeke me le kwasiɖaa ƒe nuwuwu.
Hamemegãwo ate ŋu awɔ numekuku nyuie anya nusrɔ̃ɣi siwo “asɔ na gbeƒãɖelawo ƒe akpa gãtɔ” kple ɖetsɔlemetɔwo hã. (om axa 62) Ele be woaɖo ɣeyiɣia ɖe ŋkeke kple gaƒoƒo si mado kplamatse gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowo alo aɖe ɣeyiɣi si woatsɔ ayi gbeadzi dzi akpɔtɔ madzemadzee o la dzi.