INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/94 axa 8
  • Zã Magazinewo tsɔ Gblɔ Nyateƒea na Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã Magazinewo tsɔ Gblɔ Nyateƒea na Amewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Nyateƒegbalẽ Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzie Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Magazinewo Ðea Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 5/94 axa 8

Zã Magazinewo tsɔ Gblɔ Nyateƒea na Amewo

1 Nyateƒenya ƒe asixɔxɔ dome gblẽ ŋutɔ le egbegbe hadomegbenɔnɔ me le boblododo siwo gbɔ eme, dunyahelawo ƒe ŋugbedodo fluamewo, kple alakpa si dukɔwo dana na wo nɔewo ta. Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nye magazine tɔxɛwo elabena woawo koe gblɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒenya heɖea nusi wòle be mí katã míawɔ be yayra mavɔ siwo wòahe vɛ la nasu mía si la na mi.

2 Le dukɔ aɖe me la, nyatakakadɔwɔƒe ƒe amegã aɖe si kpɔ ŋudzedze ɖe magazine eve siawo ƒe asixɔxɔ ŋu la lɔ̃ faa na kpekpeɖeŋu esime wonɔ wo mamã ƒe mɔ biam. Egblɔ be: “Mebua Gbetakpɔxɔ be enye magazine nyuitɔwo dometɔ ɖeka; edzɔ dzi nam ŋutɔ be mana kpekpeɖeŋu.” Mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu to magazine siawo siwo ate ŋu ana sidzedze si naa agbe nasu ame si la mamã me. (Yoh. 17:3) Aleke nàna magazine xɔasi siawoe le May me? Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

3 Ne May 15 ƒe “Gbetakpɔxɔ” me nyati gbãtɔwo ŋue nèle nu ƒom tsoe la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Míele nu ƒom na amewo tso agbalẽ si woƒlena wu ɖesiaɖe le xexeame ŋu. Ènya agbalẽ si wònyea? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia lae míewɔnɛ. Susu nyui aɖe tae ame geɖe ƒle Biblia. Nusita woƒlee la dze le Timoteo I, 3:16.” Ne èxlẽ mawunyakpukpuia vɔ la, ƒo nu tso nyatiawo dometɔ ɖeka me nya siwo sɔ ŋu.

4 Alo ne èɖe ɖokuiwò nu kpuie vɔ la, àte ŋu agblɔ nya siawo tɔgbe:

◼ “Ànya de dzesii be le ƒe siawo me la, ame geɖe va le dzi tsim ɖe kuxi siwo dze ŋgɔ ɖeviwo le xexeame katã la ŋu. Ðeviwo ƒe kuxi kawoe nèkpɔ le mia gbɔ siwo ŋu nètsi dzi ɖo?” Na wòaɖo eŋu. Yɔ kuxi sesẽ siwo me tom ɖeviwo le le xexeame katã siwo ŋu woƒo nu tsoe le May 8 ƒe Awake! me la dometɔ aɖewo, eye nàhe eƒe susu ayi alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒea akpɔ egbɔe la dzi.

5 Le wò tɔtrɔyiwɔwɔ ƒe nuŋlɔɖia dzi la, ànya de dzesi ame aɖewo siwo ɖe ɖetsɔleme fia le yiyi zi gbãtɔ me gake naneke medo tso eme o la. Esi wometsɔ ɖe le eme boo o ta la, ɖewohĩ àbu be mehiã be yeagatrɔ ayi wo gbɔ o. Gake àte ŋu azã nuŋlɔɖi sia atsɔ aʋu magazine ƒe ademɔe. Ne èkpɔ nyati aɖe si nèbu be adzɔ dzi na ame tɔxɛ aɖe la, dze agbagba nàyi ame ma gbɔ eye nàtsɔ magazine la nɛ.

6 Vomeɖaseɖiɖi: Esia nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto ana amewo nakpɔ ŋudzedze ɖe magazineawo ŋu. Woƒe akpa dzeani siwo nàna woanɔ dzedzem aɖaŋutɔe ɖeɖeko ate ŋu ana nàdze dzeɖoɖo gɔme. Nɔvinyɔnu aɖe gblẽ tata aɖewo ɖe eƒe kplɔ̃ dzi ale be hatidɔwɔlawo nate ŋu akpɔ wo ne wole eme tsom; ete ŋu na geɖe. Ðoe be ʋee aɖewo nanɔ ye ŋu, eye xɔ ŋgɔ le wo nana me ne èyina nu ƒle ge, ne èyina suku, ne èle bɔs me, alo ne èdo go ame bubuwo le teƒe ɖesiaɖe.

7 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi siwo ku ɖe Yehowa kple eƒe tadedeagu ŋu. Míedi be míazã magazine siawo le mɔ ɖesiaɖe si míate ŋui nu atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava dze si ‘Yehowa, Mawu nyateƒetɔ’ la.—Ps. 31:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe