Ðe Nèle Nu Ƒãm le Agbɔsɔsɔ Mea?
1 Wogblɔna be: “Alesi wodze agbagba le nane ŋui la, nenema wòɖea vi na amee.” Esia nye nyateƒe vevietɔ le míaƒe tadedeagu me. Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si sinu míazã le dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu me, le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia me, kple le lɔlɔ̃ ɖeɖefia mía nɔviwo me la, nenema nue míatsi ɖo le gbɔgbɔ me. Nya la ƒe akpa bubu hã nye nyateƒe. Ne míewɔa kuvia alo míewɔa dɔ dzi afafãe la, ɖe míate ŋu akpɔ mɔ be nu nyuiwo ado tso emea?
2 Apostolo Paulo gblɔ gɔmeɖose sia eme kɔ nyuie ɖe Korintotɔwo II, 9:6 be: “Amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le [agbɔsɔsɔ me] la, axa nu hã le [agbɔsɔsɔ me].”
3 Ðokuisi Biblia Sɔsrɔ̃: Be míanye subɔla siwo tsea ku la, ele be gbã míaƒã nu geɖe le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me. Ele be gbɔgbɔmenuɖuɖu nadzro mí vevie. (Ps. 119:97, 105; Mat. 5:3) Esi agbemedɔ geɖe tena ɖe mía dzi le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me ta la, ebia kutrikuku vevie hafi míana wòazu numãme na mí be míatsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu vavã. Le mía dome ame akpa gãtɔ gome la, ebia be ‘míaƒle ɣeyiɣi nyuitɔ.’ (Ef. 5:16) Ame aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoafɔ kaba ŋkeke aɖewo hena ɖokuisinusɔsrɔ̃. Ame bubuwo hã ɖo fiẽ aɖewo ɖi na taɖodzinu ma ke. Aleke míexaa nu geɖee? Míaƒe xɔse sẽa ŋu ɖe edzi, míaƒe mɔkpɔkpɔ me kɔna ɖe edzi na mí nyuie wu, eye dzidzɔ kple kakaɖedzi nɔa alesi míebua nuwo ŋui me wu.—Rom. 10:17; 15:4; Pet. I, 1:13.
4 Hamea ƒe Kpekpewo: Dawid gblɔ le Psalmo 122:1 be: “Dzi dzɔm, esi wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.” Ðe wòdzɔa dzi na wò hã nenema? Nuƒaƒã le agbɔsɔsɔme fia be ele be míade míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpe atɔ̃awo. Ðoe be yemaɖe mɔ yame ƒe makɔmakɔ naxe mɔ na yeƒe yiyi o. Mɔxenu geɖe alesinu dzi míeɖu la, nenema ke míaƒe yayrawo hã sɔa gbɔ ɖe edzii.
5 Va kaba eye nànɔ anyi vie ne miekpa be nàɖo dze tuameɖowo kple nɔviwòwo. Dzi amesiwo nèdea ha kplii la ɖe edzi be nàte ŋu ade ha kple ame vovovo alesinu nàte ŋui. Dzra ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a kple kpekpe bubuwo ŋu nyuie be nàte ŋu aƒã nu geɖe le wò nyaŋuɖoɖo me ne mɔnukpɔkpɔa su asiwò. Ne ‘èna tsi amewo wono faa’ le kpekpeawo me la, woawo hã ‘ana tsiwò nàno faa.’—Lod. 11:25.
6 Gbeadzisubɔsubɔdɔ: Ðewohĩ nu geɖe ƒaƒã ƒe gɔmeɖose sia mewɔa dɔ le afi bubu aɖeke de gbeadzisubɔsubɔdɔ me nu o. Ɣeyiɣi geɖe alesinu míezã tsɔ wɔe la, nenema ke wòanɔ bɔbɔe wui be nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo nasu mía si, míawɔ tɔtrɔyi tsekuwo, kple Biblia-nusɔsrɔ̃ nyuiwoe.
7 Nu geɖe ƒaƒã le gbeadzisubɔsubɔdɔa me bia asitɔtrɔ le dɔa ƒe nyonyo kple agbɔsɔsɔme si míawɔ ŋu. Dɔwɔnu nyui aɖe si akpe ɖe mía ŋu be míana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzie nye Reasoning-gbalẽa. Woŋlɔ ŋgɔdonya siwo wu 40 le nyati 18 ŋu ɖe eƒe axa 9-15 be wòakpe ɖe mía ŋu míanyɔ aƒemenɔla ƒe ɖetsɔleme. Ne èdo go ame aɖe si tsɔ ɖe le nya la me la, kpɔ egbɔ be yeŋlɔ eƒe ŋkɔ ale be nàgatrɔ ayi egbɔ eye nàxa kutsetse si do go tso nusi nèƒã me. Anɔ eme be wò agbagbadzedzewo ana wòazu Biblia-nusɔsrɔ̃, eye esia ana nàfia alesi woaƒã nu geɖee la ame bubu hã.
8Ne míeƒãa nu le agbɔsɔsɔ me la, míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa ayra mí ɖe edzi geɖe.—Mal. 3:10.