Nukuwo Ƒaƒã Fũ Dɔmenyotɔe Hea Yayra Gbagowo Vɛ
1 Mí katã míele mɔ kpɔm na ŋugbedodo wɔnuku siwo le Mawu ƒe Nya la me la me vava. Yehowa le eƒe yayra gbogbo aɖewo kɔm ɖe mía dzi fifia gɔ̃ hã si na míekpɔa dzidzɔ le agbe me. Gake viɖe alesinu mía ŋutɔwo míekpɔna la ƒe akpa gãtɔ nɔa te ɖe alesi míedoa vevie nui dzi. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, “amesi ƒã nu le [agbɔsɔsɔ] me la, axa nu hã le [agbɔsɔsɔ] me.” (Kor. II, 9:6) Bu nu eve aɖewo siwo me gɔmeɖose sia wɔa dɔ le la ŋu kpɔ.
2 Míaƒe Subɔsubɔdɔa: Nyanyuia gbɔgblɔ na amewo ɣesiaɣi si ŋutetea le mía ŋu be míaɖi ɖase la hea yayra geɖe vɛ. (Lod. 3:27, 28) Ame geɖe le nukuwo ƒãm fũ dɔmenyotɔe to woƒe subɔsubɔdɔa keke ɖe enu me, le kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye esia dze na kafukafu. Mí katã míate ŋu aƒã nukuwo fũ dɔmenyotɔe to tɔtrɔ yi be míatu ɖetsɔleme ɖesiaɖe si amewo ɖe fia la ɖo kpakple le Biblia-nusɔsrɔ̃ dodo ɖe wo gbɔ ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔa aʋu ɖi me. (Rom. 12:11) Veviedodonu alea wɔnɛ be nuteƒekpɔkpɔ tuameɖowo sua mía si eye wòhea dzidzɔ geɖe vɛ na mí le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.
3 Alɔdodo Fiaɖuƒea ƒe Nuwo: Paulo ƒo nu tso ‘nukuwo ƒaƒã fũ dɔmenyotɔe’ ŋu wòku ɖe ŋutilãmenuwo nana ŋu. (Kor. II, 9:6, 7, 11, 13) Egbea míate ŋu ato míaƒe lãmesẽ kple míaƒe nunɔamesiwo dzi atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo le mɔ geɖe nu. Míate ŋu ana kpekpeɖeŋu le Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tutu me. Míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana hã le tadeaguƒe vavãtɔ siawo dzadzra ɖo kple beléle na wo me. Hekpe ɖe eŋu la, míate ŋu adzɔ ga bene woatsɔ akpɔ hamea kple xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kpakple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ƒe gazazãwo gbɔe. Esi mí katã míeyi edzi le mía tɔ sinua wɔm la, aleke gbegbe wòdzɔa dzi na míi be míakpɔ Yehowa ƒe yayra gbago si kɔm wòle ɖe dɔ sia si wòde asi na mí la dzii enye si!—Mal. 3:10; Luka 6:38.
4 Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be ‘míawɔ dɔmenyo, míanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, eye míalɔ̃ nunana ame.’ Ne míeyi edzi le dzideƒonamenya siawo dzi wɔm la, míaxɔ yayra geɖe fifia gɔ̃ hã. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ‘míaƒo kesinɔnu siwo le dedie nu ƒu na mía ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene míaƒe asi nasu agbe vavã si gbɔna la dzi.’—Tim. I, 6:18, 19.