Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Haiti: Dzidziɖedzi 12 le alafa me si wokpɔ le February me na woɖo gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 9,115 gbɔ. Ame 15,824 ye de ƒe 1994 nutome sue takpekpeawo eye ame 252 xɔ nyɔnyrɔ̃.
Japan: February nye ɣleti si me fa miamiamia eye sno dza le eme ŋutɔ. Ke hã woɖo gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 188,844 gbɔ. Wokpɔ tɔtrɔyi, Biblia-nusɔsrɔ̃, kple gbesiagbe mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeyewo hã.
Philippines: February ƒe akɔntabubu fia be wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 117,519. Wokpɔ Biblia-nusɔsrɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ si gbɔ 100,000 ŋu zi gbãtɔ, esi wobu nusɔsrɔ̃ 100,146 ƒe akɔnta. Magazine nana hã dzi ɖe edzi va sɔ gbɔ wu 100,000 le November 1993 me le esi woƒe tatawo katã le amadede ene me ta.